Nehemiya 1:1-11

  • Nya si wose tso Yerusalem ŋu (1-3)

  • Nehemiya ƒe gbedodoɖa (4-11)

1  Esiae nye Nehemiya,*+ Hakaliya vi, ƒe nyawo: Le ƒe blaevelia ƒe ɣleti Kislev* me la, menɔ Susan*+ mɔ́* me.  Ɣemaɣi la, Hanani,+ si nye nɔvinyewo dometɔ ɖeka, kple ŋutsu aɖewo tso Yuda va, eye mebia Yudatɔ mamlɛ siwo meyi aboyo me+ o la ta eye mebia Yerusalem hã ta.  Eye wogblɔ nam be: “Ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi, siwo meyi aboyo me o la le nɔnɔme sesẽ ŋutɔ aɖe me, eye wònye ŋukpe sɔŋ.+ Wogbã Yerusalem ƒe gli+ la, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.”+  Esi mese nya siawo ko la, mebɔbɔ nɔ anyi hede asi avifafa me, mexa nu ŋkeke geɖe, eye metsi nu dɔ+ hedo gbe ɖa le dziƒowo ƒe Mawu la ŋkume.  Eye megblɔ be: “Oo Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ heléa eƒe sededewo me ɖe asi la nu,+  meɖe kuku, ƒu to anyi, eye wò ŋkuwo nanɔ te, ne nàɖo to gbe si dom wò subɔla le ɖa egbea le ŋkuwòme zã kple keli+ ɖe wò subɔla Israel-viwo ta hele Israel-viwo ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe ŋuwò la me ʋum. Nye kple fofonye ƒe aƒe la siaa míewɔ nu vɔ̃.+  Nyateƒee, míewɔ nu gbegblẽ ɖe ŋuwò,+ eye míelé sedede kple ɖoɖo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo nède asi na wò subɔla Mose la me ɖe asi o.+  “Meɖe kuku, ɖo ŋu nya si nègblɔ na* wò subɔla Mose be: ‘Ne miewɔ nuteƒe o la, ekema nye hã maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome.+  Ke ne mietrɔ ɖe ŋunye, eye mielé nye sededewo me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema ne mieka hlẽ ɖe keke dziƒowo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu+ tso afi ma, eye makplɔ mi ava teƒe si metia be nye ŋkɔ nanɔ la.’+ 10  Wò subɔlawo kple wò dukɔ wonye, ame siwo nèɖe kple wò ŋusẽ gã kpakple wò alɔ sesẽ.+ 11  O, Yehowa, meɖe kuku, ƒu to anyi ɖe wò subɔla ƒe gbedodoɖa kple wò subɔla siwo wòdzɔa dzi na be yewoavɔ̃ wò ŋkɔ la ƒe gbedodoɖa ŋu, eye na wòadze edzi na wò subɔla egbea dzro, eye na ŋutsu sia nave nunye.”+ Ɣemaɣi la, fia ƒe ahakulae menye.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Yah Ye Faa Akɔ Na Ame.”
Alo, “Susa.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “ɖo ŋku nuxlɔ̃ame si nèna.”