Nehemiya 10:1-39

  • Dukɔ la lɔ̃ be yewoazɔ ɖe Se la dzi (1-39)

    • “Míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o” (39)

10  Ame siwo da asi ɖe nubabla la dzi hetre enue+ nye: Nehemiya, si nye nutodziɖula* la, si nye Hakaliya vi,Kple Zedekiya,  Seraya, Azariya, Yeremiya,  Pashur, Amariya, Malkiya,  Hatus, Sebaniya, Maluk,  Harim,+ Meremot, Obadiya,  Daniel,+ Gineton, Baruk,  Mesulam, Abiya, Miyamin,  Maaziya, Bilgai kple Semaya; ame siawoe nye nunɔlawo.  Lewi vi siwo hã tre enue nye: Yesua, si nye Azaniya vi, Binui, si tso Henada viwo dome, Kadmiel+ 10  kple nɔvia siwo nye Sebaniya, Hodiya, Kelita, Pelaya, Hanan, 11  Mika, Rehob, Hasabiya, 12  Zakur, Serebiya,+ Sebaniya, 13  Hodiya, Bani kple Beninu. 14  Dukɔ la ƒe tatɔ siwo tre enue nye: Paros, Pahat-Moab,+ Elam, Zatu, Bani, 15  Buni, Azgad, Bebai, 16  Adoniya, Bigvai, Adin, 17  Ater, Hizkiya, Azur, 18  Hodiya, Hasum, Bezai, 19  Harif, Anatot, Nebai, 20  Magpias, Mesulam, Hezir, 21  Mesezabel, Zadok, Yadua, 22  Pelatiya, Hanan, Anaiya, 23  Hosea, Hananiya, Hasub, 24  Halohes, Pilha, Sobek, 25  Rehum, Hasabna, Maaseya, 26  Ahiya, Hanan, Anan, 27  Maluk, Harim kple Baana. 28  Ke dukɔ la dometɔ susɔeawo—nunɔlawo, Lewi viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmesubɔlawo* kple ame siwo katã ɖe wo ɖokuiwo ɖa le anyigba la dzi dukɔwo ŋu helé Mawu vavã la ƒe Se+ la me ɖe asi, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, ame siwo katã si sidzedze kple gɔmesese le la* 29  wɔ ɖeka kple wo nɔvi, siwo nye woƒe bubumeawo, eye woka atam be fiƒode nava yewo dzi ne yewomezɔ le Mawu vavã la ƒe se, si wode to Mawu vavã la ƒe subɔla Mose dzi la nu helé Yehowa míaƒe Aƒetɔ la ƒe sededewo, eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo kple eƒe ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔ wo dzi pɛpɛpɛ o. 30  Míatsɔ mía vinyɔnuwo ana anyigba la dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o.+ 31  Ne anyigba la dzi dukɔwo tsɔ adzɔnuwo kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi va dzadzra ge le Sabat ŋkeke dzi la, míaƒle naneke le wo si le Sabat+ la dzi alo le ŋkeke kɔkɔe+ dzi o. Azɔ hã, míade agble le ƒe adrelia+ me o, eye míatsɔ ame sia ame ƒe fe akee.+ 32  Míeɖoe mía ɖokuiwo dzi hã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nana sekel* me mama ɖe etɔ̃ ƒe akpa ɖeka ƒe sia ƒe ɖe Mawu ƒe aƒe* la me subɔsubɔdɔ la ŋu,+ 33  ɖe abolo siwo woɖona ɖe wo nɔewo dzi,*+ nuɖuvɔsa+ si wonana ɖaa kple numevɔsa si wonana ɖaa, le Sabat+ kple dzinu yeyewo+ dzi la ŋu, ɖe azã ɖoɖiwo,+ nu kɔkɔewo kple nuvɔ̃vɔsawo+ ŋu, be woalé avu ɖe Israel kple mía Mawu ƒe aƒe la me dɔ blibo la katã ta. 34  Azɔ hã, míedzidze nu ɖe nake si nunɔlawo, Lewi viwo kple dukɔ la atsɔ ava mía Mawu ƒe aƒea me, le mía fofowo ƒe aƒekɔwo nu, le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi ƒe sia ƒe la dzi, be woatsɔ ado dzo ɖe Yehowa mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.+ 35  Eye míebla se na mía ɖokuiwo be míatsɔ míaƒe anyigba la dzi kutsetse gbãtɔwo kple ati sia ati ƒomevi ƒe tsetse gbãtɔwo katã ava Yehowa ƒe aƒe la me ƒe sia ƒe,+ 36  eye míakplɔ mía viŋutsu ŋgɔgbeawo kple míaƒe aƒemelãwo ƒe vi gbãtɔwo+ kple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe vi gbãtɔwo avɛ, abe ale si woŋlɔe ɖe se la me ene. Míakplɔ wo ava mía Mawu ƒe aƒe la me, na nunɔla siwo le subɔsubɔm le mía Mawu ƒe aƒea me.+ 37  Eye míatsɔ míaƒe wɔ gbãtɔwo+ kple míaƒe nudzɔdzɔwo kple ati sia ati ƒomevi ƒe tsetse,+ wain yeye kple ami+ avɛ na nunɔlawo le mía Mawu ƒe aƒe+ la ƒe nudzraɖoƒexɔwo* me, hekpe ɖe míaƒe anyigbadzinuwo ƒe ewolia ŋu na Lewi viwo,+ elabena Lewi viwoe xɔa míaƒe agblededuwo katã ƒe nuwo ƒe ewolia. 38  Eye nunɔla, si nye Aron viŋutsu, nanɔ Lewi viwo ŋu ne Lewi viwo le nuawo ƒe ewolia xɔm; Lewi viwo hã natsɔ nu ewoliawo ƒe ewolia ana le nudzraɖoƒexɔ la ƒe xɔwo* me le mía Mawu ƒe aƒe la me.+ 39  Elabena nudzraɖoƒexɔawo* mee Israel-viwo kple Lewi viwo atsɔ agblemenuku, wain yeye kple ami+ ƒe nudzɔdzɔ la ayii,+ afi mae kɔkɔeƒe la ŋu dɔwɔnuawo, nunɔla siwo le subɔsubɔm, agbonudzɔlawo kple hadzilawo le. Míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Tirsata,” bubuŋkɔ si Persiatɔwo zãna na woƒe nutodziɖulawo.
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Agate ŋu afia, “ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “gbedoxɔ.”
Efia, ŋkumeɖobolo.
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”