Nehemiya 11:1-36

  • Amewo gbugbɔ va nɔ Yerusalem (1-36)

11  Dukɔ la ƒe amegãwo nɔ Yerusalem;+ ke dukɔ la dometɔ susɔeawo dzidze nu,+ ne woakplɔ wo dometɔ ɖeka le ame ewo ɖe sia ɖe dome vɛ be wòava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me, ne asieke bubuawo nanɔ du bubuawo me.  Eye dukɔ la yra ŋutsu siwo katã lɔ̃ faa be yewoava nɔ Yerusalem.  Nutoa* dzi kpɔla siwo nɔ Yerusalem woe nye esiwo gbɔna. (Ame siwo susɔ le Israel-viwo, nunɔlawo, Lewi viwo, gbedoxɔmesubɔlawo*+ kple Salomo ƒe subɔviwo+ ƒe viwo katã dome ya nɔ Yuda du bubuawo me, wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, le eƒe du me.+  Yuda vi aɖewo kple Benyamin vi aɖewo hã nɔ Yerusalem.) Ame siwo nye tatɔwo tso Yuda viwo domee nye Ataya, si nye Uziya vi, Zakariya vi, Amariya vi, Sefatiya vi, Mahalalel vi tso Perez+ viwo dome,  Maaseya, si nye Baruk vi, Kolhoze vi, Hazaya vi, Adaya vi, Yoyarib vi, Zakariya vi, tso Sela viwo dome.  Perez vi siwo katã nɔ Yerusalem la le ame alafa ene blaade vɔ enyi, eye wonye ŋutsu veviedolawo.  Ame siwo tso Benyamin viwo domee nye Salu,+ si nye Mesulam vi, Yoed vi, Pedaya vi, Kolaya vi, Maaseya vi, Itiel vi, Yesaya vi,  hekpe ɖe Gabai kple Salai ƒe aƒekɔwo ŋu, wole ame alafa asieke blaeve vɔ enyi;  Yoel, si nye Zikri vi, ye nye woƒe dzikpɔla, eye Yuda, Hasenua vi, nye dua dzi kpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. 10  Ame siwo tso nunɔlawo domee nye: Yedaya, si nye Yoyarib vi, Yakin,+ 11  Seraya, si nye Hilkiya vi, Mesulam vi, Zadok vi, Merayot vi, Ahitub+ vi, eye wònye ŋgɔxɔla le Mawu vavã la ƒe aƒe* la me, 12  wo nɔvi siwo nye aƒe la me dɔwɔlawo le ame alafa enyi blaeve vɔ eve; Adaya, si nye Yeroham vi, Pelaliya vi, Amzi vi, Zakariya vi, Pashur+ vi, Malkiya vi, 13  kple nɔvia siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le ame alafa eve blaene vɔ eve, kple Amasai, si nye Azarel vi, Ahzai vi, Mesilemot vi, Imer vi, 14  kple nɔvia siwo nye ŋutsu kalẽtɔ sesẽwo, wole ame alafa ɖeka blaeve vɔ enyi, eye dzikpɔla si nye Zabdiel, si tso ƒome xɔŋkɔ aɖe me, le wo nu. 15  Ame siwo tso Lewi viwo domee nye: Semaya,+ si nye Hasub vi, Azrikam vi, Hasabiya vi, Buni vi, 16  Sabetai+ kple Yozabad,+ wotso Lewi viwo ƒe tatɔwo dome, eye wole Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe gotadɔwo nu; 17  Mataniya,+ ame si nye Mika vi, Zabdi vi, Asaf+ vi, si nye kafukafuhawo dzi kpɔla la, doa kafukafuha ɖa le gbedoɖaɣi,+ eye Bakbukia nye evelia kplɔe ɖo le nɔviawo dome, hekpe ɖe Abda, si nye Samua vi, Galal vi, Yedutun+ vi ŋu. 18  Lewi vi siwo katã le du kɔkɔe la me la le ame alafa eve blaenyi vɔ ene. 19  Agbonudzɔlawoe nye Akub, Talmon+ kple wo nɔvi siwo nye dzɔlawo le agboawo nu, wole ame alafa ɖeka blaadre vɔ eve. 20  Ke ame siwo susɔ le Israel-viwo, nunɔlawo kple Lewi viwo dome ya nɔ Yuda du bubuawo katã me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.* 21  Gbedoxɔmesubɔlawo*+ nɔ Ofel;+ eye Ziha kple Gispa le gbedoxɔmesubɔlawo* nu. 22  Ame si nye Lewi viwo ƒe dzikpɔla le Yerusalem ye nye Uzi, si nye Bani vi, Hasabiya vi, Mataniya+ vi, Mika vi, eye wòtso hadzila Asaf viwo dome; eyae le Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe dɔ la nu. 23  Elabena fia la de se le hadzilawo ŋuti,+ eye woɖo be woanɔ nu siwo hiã wo gbe sia gbe la nam wo. 24  Petahiya, si nye Mesezabel vi, tso Yuda vi Zera viwo dome la, nye fia la ƒe aɖaŋuɖola* le dukɔ la ƒe nya sia nya gbɔ kpɔkpɔ me. 25  Ke wo nɔƒewo kple wo ŋu anyigbawoe nye esi: Yuda viwo dometɔ aɖewo nɔ Kiriat-Arba+ kple eŋu duwo, Dibon kple eŋu duwo kpakple Yekabzeel+ kple eŋu kɔƒewo me, 26  kple Yesua, Molada,+ Bet-Pelet,+ 27  Hazar-Sual+ kpakple Beer-Seba kple eŋu duwo me, 28  Ziklag+ kpakple Mekona kple eŋu duwo, 29  En-Rimon,+ Zora,+ Yarmut, 30  Zanoa,+ Adulam kple wo ŋu kɔƒewo, Lakis+ kple eŋu gblewo kpakple Azeka+ kple eŋu duwo me. Eye wonɔ* Beer-Seba va se ɖe keke Hinom Bali+ la me ke. 31  Benyamin viwo nɔ Geba,+ Mikmas, Aya kpakple Betel+ kple eŋu duwo me, 32  Anatot,+ Nob,+ Ananiya, 33  Hazor, Rama,+ Gitayim, 34  Hadid, Zeboim, Nebalat, 35  Lod kple Ono,+ si nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe bali la me. 36  Eye woɖo Lewi viwo ƒe hatsotso siwo nɔ Yuda la dometɔ aɖewo ɖe Benyamin.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Dziɖuƒea.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “domenyinu si wonae la dzi.”
Alo, “Netinim.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Netinim.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nɔ fia ƒe alɔ dzi.”
Alo, “woƒu asaɖa anyi ɖe.”