Nehemiya 12:1-47

  • Nunɔlawo kple Lewi viwo (1-26)

  • Gliawo ŋu kɔkɔ (27-43)

  • Alɔdodo gbedoxɔmedɔwɔlawo (44-47

12  Nunɔla kple Lewi vi siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel,+ Sealtiel+ vi, kpakple Yesua+ la woe nye: Seraya, Yeremiya, Ezra,  Amariya, Maluk, Hatus,  Sekaniya, Rehum, Meremot,  Ido, Ginetoyi, Abiya,  Miyamin, Maadiya, Bilga,  Semaya, Yoyarib, Yedaya,  Salu, Amok, Hilkiya kple Yedaya. Ame siawo nye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple wo nɔviwo ƒe tatɔwo le Yesua ŋɔli.  Lewi viwoe nye Yesua, Binui, Kadmiel,+ Serebiya, Yuda, kple Mataniya,+ ame si kple nɔviawo xɔa ŋgɔ le akpedahawo dzidzi me.  Eye wo nɔvi Bakbukia kple Uni nɔa tsitre ɖe woƒe dzɔladɔwɔƒewo dzea ŋgɔ wo.* 10  Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Eliyasib, eye Eliyasib+ dzi Yoyada.+ 11  Yoyada dzi Yonatan, eye Yonatan hã dzi Yadua. 12  Nunɔla siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le Yoyakim ŋɔli woe nye: Meraya na Seraya+ ƒe aƒekɔ; Hananiya na Yeremiya ƒe aƒekɔ; 13  Mesulam na Ezra+ ƒe aƒekɔ; Yehohanan na Amariya ƒe aƒekɔ; 14  Yonatan na Maluki ƒe aƒekɔ; Yosef na Sebaniya ƒe aƒekɔ; 15  Adna na Harim+ ƒe aƒekɔ; Helkai na Merayot ƒe aƒekɔ; 16  Zakariya na Ido ƒe aƒekɔ; Mesulam na Gineton ƒe aƒekɔ; 17  Zikri na Abiya+ ƒe aƒekɔ . . . ;* na Miniamin ƒe aƒekɔ; Piltai na Moadia ƒe aƒekɔ; 18  Samua na Bilga+ ƒe aƒekɔ; Yehonatan na Semaya ƒe aƒekɔ; 19  Matenai na Yoyarib ƒe aƒekɔ, Uzi na Yedaya+ ƒe aƒekɔ; 20  Kalai na Salai ƒe aƒekɔ; Eber na Amok ƒe aƒekɔ; 21  Hasabiya na Hilkiya ƒe aƒekɔ; Netanel na Yedaya ƒe aƒekɔ. 22  Le Eliyasib, Yoyada, Yohanan kple Yadua+ ŋɔli la, woŋlɔ Lewi viwo kple nunɔlawo siaa ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ƒe ŋkɔwo ɖi va ɖo Persiatɔ Dario ƒe fiaɖuɣi. 23  Woŋlɔ Lewi vi siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ƒe ŋkɔwo ɖe ŋutinyagbalẽ me va ɖo Yohanan, Eliyasib vi ŋɔli. 24  Lewi viwo ƒe tatɔwoe nye Hasabiya, Serebiya kple Yesua,+ Kadmiel+ vi, kple wo nɔvi siwo nɔa tsitre dzea ŋgɔ wo dzia kafukafuha kple akpedaha na Mawu, abe ale si Mawu vavã la ƒe ame David de se ene,+ dzɔlawo ƒe ha ɖeka nɔa akpa si, eye dzɔlawo ƒe ha bubu nɔa akpa kemɛ. 25  Mataniya+ kple Bakbukia, Obadiya, Mesulam, Talmon kple Akub+ nye agbonudzɔla+ siwo nɔa tsitre dzɔa nudzraɖoƒexɔ siwo le agboawo nu la ŋu. 26  Ame siawo subɔ le Yoyakim, Yesua+ vi, Yozadak vi, ƒe ŋkekeawo kple nutodziɖula Nehemiya kpakple nunɔla Ezra,+ si nye nugbugbɔŋlɔla* ŋɔli. 27  Esi wole Yerusalem glia ŋu kɔ ge la, woyi ɖadi Lewi viwo be woakplɔ wo tso wo nɔƒewo katã ava Yerusalem, ne woatsɔ akpedaha,+ hadzidziwo, gakogoewo, kasaŋkuwo, kple saŋkuwo akɔ eŋu kple dzidzɔ. 28  Eye hadzilawo* viŋutsuwo va kpe ta tso nuto* la kple du siwo le Yerusalem ŋu godoo la me kpakple Netofatɔwo+ ƒe kɔƒewo me, 29  kple Bet-Gilgal,+ Geba-gblewo+ kple Azmavet,+ elabena hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo ɖe Yerusalem ŋu godoo. 30  Eye nunɔlawo kple Lewi viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wokɔ dukɔ la+ kple agboawo+ kpakple gli+ la ŋu. 31  Eye mena Yuda-megãwo de gli la dzi. Azɔ hã, meɖo akpedahadziha gã eve kple ameha eve siwo kplɔ wo ɖo, eye ɖeka zɔ ɖusime to glia dzi ɖo ta Aɖukpogbo+ la gbɔ. 32  Eye Hosaya kple Yuda-megãwo ƒe afã zɔ dze wo yome, 33  hekpe ɖe Azariya, Ezra kple Mesulam, 34  Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremiya ŋu. 35  Nunɔlawo ƒe viwo dometɔ siwo kpe ɖe wo ŋu, siwo si kpẽwo+ le la woe nye: Zakariya, si nye Yonatan vi, Semaya vi, Mataniya vi, Mikaya vi, Zakur vi, Asaf+ vi, 36  kple nɔvia siwo nye Semaya kple Azarel, Milalai, Gilalai, Maai, Netanel, Yuda kple Hanani, ame siwo si Mawu vavã la ƒe ame David ƒe haƒonuwo+ le; eye nugbugbɔŋlɔla* Ezra+ le wo ŋgɔ. 37  Esi woɖo Vudogbo+ la gbɔ la, woyi ŋgɔ tẽe va to David Ƒe Du+ La Ƒe Atrakpuimɔ+ la tame hezɔ gli la dzi le David Ƒe Aƒe la tame va do ɖe Tsigbo+ la gbɔ, le ɣedzeƒe gome. 38  Akpedahadziha kemɛa to akpa kemɛ,* eye medze wo yome hekpe ɖe dukɔ la ƒe afã ŋu, to glia dzi va to Abolomèkpowo Ƒe Mɔ́+ la ŋu va ɖo Gli Gbadza+ la gbɔ, 39  to Efrayim-gbo+ la tame va ɖo Du Xoxo La Ƒe Agbo+ la gbɔ ɖado ɖe Tɔmelãgbo+ la kple Hananel Mɔ́+ la gbɔ kple Mea Mɔ́ la kpakple Alẽgbo+ la gbɔ; eye wova tɔ ɖe Dzɔlawo Ƒe Agbo la nu. 40  Mlɔeba akpedahadziha eveawo va tɔ ɖe Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋgɔ; nye kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe afã si le ŋunye, 41  kple nunɔla siwo nye Eliyakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zakariya kple Hananiya, siwo lé kpẽwo ɖe asi 42  kple Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer hã míeva tɔ ɖe afi ma. Eye hadzila siwo le Yizrahiya ƒe dzikpɔkpɔ te la dzi ha sesĩe. 43  Wosa vɔ gã aɖe gbe ma gbe, eye wokpɔ dzidzɔ,+ elabena Mawu vavã la na wokpɔ dzidzɔ gã aɖe. Eye nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ,+ ale be wose Yerusalem ƒe aseyetsotso le didiƒe ke.+ 44  Gbe ma gbe woɖo ŋutsuwo ɖe nudzraɖoƒexɔawo+ kple xɔ siwo me nudzɔdzɔawo,+ agblemenuku gbãtɔwo+ kple nuwo ƒe ewoliawo+ le la nu. Ne woaƒo nu siwo Se la bia be woana+ nunɔlawo kple Lewi+ viwo la nu ƒu tso agblededuwo me ade wo me, elabena amewo kpɔ dzidzɔ le Yuda le nunɔla kple Lewi vi siwo le subɔsubɔm ta. 45  Wowɔa woƒe Mawu ƒe dɔ kple nuŋukɔkɔdɔ la, eye hadzilawo kple agbonudzɔlawo hã wɔa woƒe dɔ abe ale si David kple via Salomo ɖoe ene. 46  Elabena tso gbe aɖe gbe ke le David kple Asaf ŋɔli la, woɖo hadzilawo dzikpɔlawo* hena kafukafuhawo dzidzi kple akpedada na Mawu.+ 47  Eye le Zerubabel+ ŋɔli kple Nehemiya ŋɔli la, Israel blibo la katã tsɔa hadzilawo+ kple agbonudzɔlawo+ ƒe gome nana le gbe sia gbe ƒe hiahiã nu. Woɖea nu si nye Lewi viwo+ tɔ gome la na wo, eye Lewi viwo hã ɖea nu si nye Aron ƒe dzidzimeviwo tɔ gome la na wo.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “le subɔsubɔdɔa wɔɣi.”
Ŋkɔ aɖeke medze le Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔa me le afi sia o.
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “hadzila bibiwo.”
Efia nuto si le Yordan ŋu.
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “kemɛa dze ŋgɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tatɔwo.”