Nehemiya 3:1-32

  • Wogbugbɔ ɖo gliawo (1-32)

3  Eye nunɔlagã Eliyasib+ kple nɔvia nunɔlawo tso, eye wogbugbɔ Alẽgbo+ la tu. Wokɔ eŋu,+ eye wode ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu va ɖo Mea Ƒe Mɔ́+ la gbɔ kple Hananel Ƒe Mɔ́+ la gbɔ ke.  Yeriko+ ŋutsuwo hã ɖɔ glia ɖo tso afi ma; eye Zakur, Imri vi, hã ɖɔe ɖo tso wo tɔ nu.  Hasenaa viwo tu Tɔmelãgbo+ la; wode ʋɔtrutiwo eŋu,+ eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu.  Meremot,+ Uriya vi, Hakoz vi, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam,+ Berekiya vi, Mesezabel vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo, Zadok, Baana vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo.  Tekoatɔwo+ ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, gake woƒe bubumewo ya mebɔbɔ wo ɖokuiwo ne woakpe asi ɖe woƒe aƒetɔwo ƒe dɔ la ŋu o.*  Yoyada, Pasea vi, kple Mesulam, Besodeya vi, ɖɔ Du Xoxo La Ƒe Agbo+ la ɖo; wode ʋɔtrutiwo eŋu, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu.  Gibeontɔ+ Melatia kple Meronottɔ Yadon, siwo nye Gibeon kple Mizpa+ ŋutsuwo, ame siwo le nutodziɖula si le nuto si le Tɔsisia*+ godo ƒe ŋusẽ te la, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo.  Uziel, Harhaya vi, ame si nye sikanutulawo dometɔ ɖeka, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Hananiya, ame si nye atike ʋeʋĩ wɔlawo* dometɔ ɖeka ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo; eye woɖo kpe gbadzɛwo ɖe Yerusalem va ɖo Gli Gbadza+ la gbɔ.  Refaya, Hur vi, si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 10  Yedaya, Harumaf vi, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo, eye Hatus, Hasabneya vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 11  Malkiya, Harim vi,+ kple Hasub, Pahat-Moab+ vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu* ɖo hekpe ɖe Abolomèkpowo Ƒe Mɔ́+ la hã ŋu. 12  Salum, Halohes vi, si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dzi ɖula kple vianyɔnuwo ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 13  Hanun kple Zanoa+ nɔlawo ɖɔ Balimegbo+ la ɖo; wogbugbɔ tui, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu; eye woɖɔ gli la ɖo va ɖo Aɖukpogbo+ la gbɔ ke wòle abɔklugui akpe ɖeka.* 14  Malkiya, Rekab vi, si nye Bet-Hakerem+ nuto la dzi ɖula, ɖɔ Aɖukpogbo la ɖo; eɖɔe ɖo, eye wòde ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu. 15  Salun, Kolhoze vi, si nye Mizpa+ nuto la dzi ɖula, ɖɔ Vudogbo+ la ɖo; eɖɔe ɖo hegba etame, eye wòde ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu, egaɖɔ Sela-ta+ ƒe gli si le Fia Ƒe Abɔ+ ŋu va ɖo keke Atrakpui+ si ɖiɖi tso David Ƒe Du+ la me gbɔ la ɖo. 16  Eya yome Nehemiya, Azbuk vi, si nye Bet-Zur+ nuto la ƒe afã dzi ɖula, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo David Ƒe Ameɖiƒe+ ŋgɔ, yi ta+ si woɖe la gbɔ, va se ɖe keke Kalẽtɔwo Ƒe Xɔ la gbɔ ke. 17  Eya yome Lewi viwo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo: Rehum, Bani vi ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo; eyome Hasabiya, si nye Keila+ nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ akpa aɖe ɖo hena eƒe nuto la. 18  Eya yome wo nɔviwo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo: Bavai, Henada vi, si nye Keila nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo. 19  Eyome Ezer, Yesua+ vi, si nye Mizpa dziɖula, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si le todzimɔ si yi Aʋawɔnuwo Dzraɖoƒe le Sɔti+ la gbɔ la ɖo. 20  Eya yome Baruk, Zabai+ vi, do vevie nu ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Sɔti la gbɔ va se ɖe keke nunɔlagã Eliyasib+ ƒe aƒe mɔnu ke la ɖo. 21  Eya yome Meremot,+ Uriya vi, Hakoz vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Eliyasib ƒe aƒe la ƒe mɔnu va se ɖe Eliyasib ƒe aƒe la ƒe mlɔenu la ɖo. 22  Eya yome nunɔla siwo nye Yordan-nuto*+ la me ŋutsuwo, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo. 23  Woawo yome Benyamin kple Hasub ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe ŋgɔ. Woawo yome Azariya, Maaseya vi, Ananiya vi, ɖɔ akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe gbɔ. 24  Le eya yome Binui, Henada vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Azariya ƒe aƒe gbɔ yi Sɔti+ la gbɔ, va se ɖe keke dzogoe la dzi ke la ɖo. 25  Eya yome Palal, Uzai vi ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le Sɔti la kple xɔ tsrala si le Fia Ƒe Aƒe*+ la ŋu ŋgɔ, si nye dzigbetɔ si le Dzɔlawo Ƒe Xɔxɔnu+ la ŋu. Eya yome Pedaya, Paros+ vi ɖo glia kplɔe ɖo. 26  Gbedoxɔmesubɔla*+ siwo nɔ Ofel+ ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo keke Tsigbo+ la ŋgɔ le ɣedzeƒekpa dzi kple xɔ tsrala si do gɔ̃ɔ la ŋu ke. 27  Woawo yome Tekoatɔwo+ ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso xɔ tsrala si do gɔ̃ɔ la ŋgɔ va ɖo keke Ofel gli la gbɔ ke la ɖo. 28  Nunɔlawo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo tso Sɔgbo+ la tame, ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ. 29  Woawo yome Zadok,+ Imer vi, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ. Eya yome Semaya, Sekaniya vi, si nye Ɣedzeƒegbo+ la ŋu dzɔla, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo. 30  Eya yome Hananiya, Selemiya vi kple Hanun, si nye Zalaf vi adelia, ɖɔ glia ƒe akpa bubu ɖo. Eya yome Mesulam,+ Berekiya vi, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ. 31  Eya yome Malkiya, si nye sikanutulawo dometɔ ɖeka ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo gbedoxɔmesubɔlawo*+ kple asitsalawo ƒe aƒe la gbɔ, le Ŋkuléɖeŋugbo la ŋgɔ va se ɖe keke xɔtaxɔ dzogoedzitɔ la gbɔ ke. 32  Eye sikanutulawo kple asitsalawo ɖɔ glia ɖo le xɔtaxɔ dzogoedzitɔ la kple Alẽgbo+ la dome.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “mede ta woƒe aƒetɔwo ƒe dɔ la te o.”
Alo, “Frat-tɔsisi la godo.”
Alo, “ami ʋeʋĩ wɔlawo.”
Alo, “akpa bubu si wodzidze.”
Anɔ abe meta 445 ene. Kpɔ Megbenyawo B14.
Agate ŋu afia, “nuto si gogo afi ma.”
Alo, “Fiasã.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”