Obadiya 1:1-21

  • Woabɔbɔ Edom dadala la ɖe anyi (1-9)

  • Edom ƒe ŋutasesẽ le Yakob ŋu (10-14)

  • Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòatso ɖe dukɔwo katã ŋu (15, 16)

  • Woagaɖo Yakob ƒe aƒe la te (17-21)

    • Yakob afiã Edom abe dzo ene (18)

    • Fiaɖuƒe la azu Yehowa tɔ (21)

 Obadiya* ƒe ŋutega: Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ ɖe Edom+ ŋue nye esi: “Míese nya aɖe tso Yehowa gbɔ,Woɖo ame ɖe dukɔwo dome be: “Mitso, mina míadzra ɖo aho aʋa ɖe eŋu.’”+   Kpɔ ɖa, mena nèle sue le dukɔwo dome;Wodo vlo wò vevie.+   Wò dzi ƒe dadae ble wò,+Wò ame si le agato me,Eye nèle kɔkɔƒewo hele gbɔgblɔm le wò dzi me be:‘Ame kae atutum aƒu anyi?’   Ne èwɔ nɔwòƒe ɖe dzi ʋĩi* abe hɔ̃ ene,Alo nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la,Matutu wò aƒu anyi tso afi ma,” Yehowa ye gblɔe.   “Ne fiafiwoe dze dziwò, alo adzoblasuwoe va le zã me ɖe,(Aleke gbegbee woatsrɔ̃ wòe nye esi!)* Menye nu ale si nu dim wole koe woafi oa? Alo ne wainxalawoe ƒo ɖe dziwò la,Ðe womakpɔtɔ ɖe ɖi oa?+   Oo, kpɔ ale si gbegbe wodi Esau ƒe amewo tsitotsitoe ɖa! Kpɔ ale si gbegbe wodi eƒe kesinɔnuwo heha woe ɖa!   Wonya wò ɖo ɖe keke liƒo dzi ke. Ame siwo katã bla nu kpli wò la ble wò. Ame siwo le ŋutifafa me kpli wò la ɖu dziwò. Ame siwo ɖua nu kpli wò la aɖo ɖɔ ɖe tewò,Ke màdze sii o.   Yehowa be:“Ðe nyematsrɔ̃ nunyalawo ɖa le Edom+Kple gɔmesese ɖa le Esau tonuto la me gbe ma gbe oa?   Oo Teman,+ ŋɔdzi alé wò aʋawɔlawo,+Elabena woawu wo dometɔ ɖe sia ɖe le Esau tonuto la me.+ 10  Ŋukpe anyè atsyɔ wò+Le ŋuta si nèsẽ le nɔviwò Yakob+ ŋu la ta,Eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.+ 11  Gbe si gbe nètɔ ɖe adzɔge,Gbe si gbe ame tutɔwo ɖe aboyo eƒe aʋakɔ,+Esime amedzrowo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu+ ɖe Yerusalem dzi la,Wò hã èwɔ nu abe wo dometɔ ɖeka ene. 12  “Mele be nàkpɔ nu si dzɔ ɖe nɔviwò dzi le ŋkeke si vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la kple dzidzɔ o,+Mele be nàkpɔ dzidzɔ le gbe si gbe Yuda viwo nɔ tsɔtsrɔ̃m o,+Eye mele be nàɖu fewu le wo ŋu le woƒe xaxagbe o. 13  Mele be nàge ɖe nye dukɔ ƒe agbo me le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi o,+Mele be nàfɔ ŋku ɖe xaxa si va edzi la dzi le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la o,Eye mele be nàdo asi ɖe eƒe kesinɔnuwo gbɔ le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi o.+ 14  Mele be nàtɔ ɖe mɔ dzevee nu be yeawu eƒe sisilawo o,+Eye mele be nàtsɔ eƒe ame siwo tsi agbe la ade asi le xaxagbe+ o. 15  Elabena Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòatso ɖe dukɔwo katã ŋu la tu aƒe.+ Ale si nèwɔ la, nenemae woawɔ wò hã.+ Nu si tututu nèwɔ la kee woawɔ wò hã. 16  Elabena ale si mienɔ aha nom le nye to kɔkɔe la dzii la,Nenema kee dukɔwo katã anɔ nye dɔmedzoe la nom abe aha ene ɖaa.+ Woanoe aɖuɖɔ kplua gɔme ƒiaƒiaƒia,Eye woanɔ abe ame siwo medzɔ kpɔ o la ene. 17  Ke ame siwo si la anɔ Zion To la dzi,+Eye wòazu teƒe kɔkɔe;+Eye Yakob ƒe aƒe la axɔ nu siwo nye wo tɔ la.+ 18  Yakob ƒe aƒe la anye dzo,Yosef ƒe aƒe la anye dzoƒaɖe,Eye Esau ƒe aƒe la anye ahɔ̃liti,Woatɔ dzo wo woafiã.Esau+ ƒe aƒe la me tɔ aɖeke matsi agbe o;Elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe. 19  Woaxɔ Negeb,* kple Esau+ tonuto la,Sefela* kple Filistitɔwo+ ƒe anyigba. Woaxɔ Efrayim-nyigba kple Samaria-nyigba,+Eye Benyamin axɔ Gilead. 20  Eye Israel-viwo, ame siwo woɖe aboyoe tso gli sia gbɔ la,+Axɔ nu siwo nye Kanaantɔwo tɔ la va se ɖe keke Zarefat+ ke. Eye Yerusalem ƒe aboyome siwo nɔ Sefarad la axɔ Negeb+ duwo. 21  Eye xɔnametɔwo ava Zion To la dzi,Ne woadrɔ̃ ʋɔnu Esau+ tonuto la,Eye fiaɖuƒe* la azu Yehowa+ tɔ.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Yehowa Subɔla.”
Agate ŋu afia, “Ne èyi dzi ʋĩi.”
Agate ŋu afia, “Nu ka gbegbee woagblẽ le ŋuwò?”
Alo, “Bali me.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “fianyenye.”