Yeremiya 12:1-17

  • Yeremiya fa konyi (1-4)

  • Yehowa ƒe ŋuɖoɖo (5-17)

12  Oo Yehowa,+ ne metsɔ nye nya ɖo ŋkuwòme la, tɔwò dzɔna,Ne meƒo nu kpli wò le wò ʋɔnudrɔ̃nyawo ŋu la, tɔwò dzɔna. Gake nu ka tae ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo,+Eye ame siwo katã wɔa alakpanu la li bɔkɔɔ?   Èdo wo, eye woto ke. Wotsi hetse ku. Èle nu na wo, ke èle adzɔge ʋĩi tso woƒe dzimesusuwo* ya gbɔ.+   Ke wò Yehowa, èdze sim nyuie;+ èkpɔam;Èdzro nye dzi me kpɔ eye nèkpɔ be eku ɖe ŋuwò.+ Ðe wo ɖe vovo, abe alẽ siwo wole wuwu ge ene,Eye nàɖe wo ɖe aga hena wuwugbe.   Ɣekaɣi anyigba la ayrɔ,Eye nu miemiewo naƒu le gbedzi ase ɖo?+ Le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ taWotsrɔ̃ lãwo kple xewo ɖa le edzi. Elabena wogblɔ be: “Makpɔ ale si wòava nɔ na mí mlɔeba o.”   Ne èke duɖime kple afɔzɔlawo, eye ɖeɖi te ŋuwò ɖe,Ke aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?+ Ne èka ɖe ɖokuiwò dzi le ŋutifafanyigba dzi la,Aleke nàwɔ le Yordan ƒe ave dodowo me?   Elabena wò ŋutɔ nɔviwòwo, fofowò ƒemetɔwo ke hãWɔ alakpanu ɖe ŋuwò.+ Wole ɣli dom ɖe tawò. Mègaxɔ wo dzi se oNe wole nya ŋɔnɔewo gblɔm na wò gɔ̃ hã.   “Megbe nu le nye aƒe gbɔ;+ meɖe asi le nye domenyinu ŋu.+ Metsɔ ame si gbɔ nyemelɔ̃a* nu le o la de asi na eƒe futɔwo.+   Nye domenyinu va le nam abe dzata le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋunye. Esia tae melé fui ɖo.   Nye domenyinu le nam abe xe ƒonu ŋɔŋɔe* ene;Xe ƒonu bubuwo ɖe to ɖee be yewoadze edzi.+ Mi gbemelãwo katã, miva ƒo ƒu,Ne miaɖu nu.+ 10  Lãkplɔvi geɖewo gblẽ nye waingble la dome;+Wonya avuzi le nye anyigba dzi.+ Wona nye anyigba, si doa dzidzɔ nam la, zu gbegbe ɖeɖe sɔŋ. 11  Wona wòzu gbegbe. Eyrɔ;*Ezu gbegbe le ŋkunyeme.+ Anyigba blibo la katã zu gbegbe,Gake meʋã dzi na ame aɖeke o.+ 12  Nugblẽlawo to mɔ siwo katã le gbedzi va do,Elabena Yehowa ƒe yi le nu ɖum tso anyigba ƒe mlɔenu yi anyigba ƒe mlɔenu.+ Ŋutifafa meli na ame* aɖeke o. 13  Woƒã lu, ke ŋùe woxa.+ Wowɔ dɔ ʋuu ɖeɖi te wo ŋu belibeli, ke womekpɔ viɖe aɖeke o. Ŋu akpe wo ɖe woƒe agblemenukuwo ŋuLe Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ta.” 14  Ale Yehowa gblɔ ɖe aƒelika vɔ̃ɖi siwo le asi kam domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòaxɔe wòanye etɔ ŋue nye esi:+ “Kpɔ ɖa, mele wo hom ɖa tso woƒe anyigba dzi,+ eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome. 15  Ke ne meho wo ɖa vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo agbɔe, wo dometɔ ɖe sia ɖe ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ayi eƒe anyigba dzi.” 16  “Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔ hetsɔ nye ŋkɔ ka atam be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe!’ abe ale si ko woawo hã fia nye dukɔ tsã be woatsɔ Baal aka atam ene la, ekema woaɖo wo te ɖe nye dukɔ la dome. 17  Ke ne dukɔ mawo dometɔ aɖe gbe toɖoɖo la, ekema mahoe ɖa ahatsrɔ̃e,” Yehowa ye gblɔe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “seselelãme ememetɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayikuwo.”
Alo, “nye luʋɔ melɔ̃a.”
Alo, “ŋɔtaŋɔta.”
Agate ŋu afia, “Ele konyi fam.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”