Yeremiya 14:1-22

  • Kuɖiɖi, dɔwuame kple yi (1-12)

  • Wogbe aʋatsonyagblɔɖilawo (13-18)

  • Yeremiya lɔ̃ ɖe edzi be dukɔ la wɔ nu vɔ̃ (19-22)

14  Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremiya le kuɖiɖi ŋuti:+   Yuda le konyi fam,+ eye eƒe agbowo nyunyɔ. Wolé blanui hebɔbɔ nɔ anyigba,Eye ɣli de dzi le Yerusalem.   Woƒe amegãwo dɔ woƒe subɔviwo* ɖe tsiduƒe. Wova tsiʋeawo* gbɔ, gake womekpɔ tsi aɖeke o. Wotrɔ gbɔ kple woƒe ze ƒuƒluwo. Ŋukpe lé wo, woƒe mo tsi dãa,Eye wotsyɔ nu ta.   Esi anyigbaa fe kplokplokploLe esi tsi megadza ɖe anyigba dzi kpɔ o ta+ la,Ŋu kpe agbledelawo eye wotsyɔ nu ta.   Zinɔ le gbe me ke hã dzi vi gblẽ ɖi,Elabena gbe meli o.   Gbetedziwo tsi tsitre ɖe togbɛ ƒeƒlewo tame. Wole ya nom abe agbotoewo ene;Nu te woƒe ŋkuwo ŋu, elabena gbe aɖeke meli o.+   Togbɔ be míaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mía ŋu hã la,Oo Yehowa, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta.+ Elabena míaƒe nuteƒemawɔmawɔ sɔ gbɔ,+Ŋuwòe míewɔ nu vɔ̃ ɖo.   Oo, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, eƒe Xɔnametɔ+ le xaxaɣi,Nu ka tae nèzu abe amedzro ene le anyigba la dzi,Abe mɔzɔla si va be yeatsi adɔ ko ene?   Nu ka tae nèzu abe ŋutsu si nu ɖi ɖoKple kalẽtɔ si mate ŋu axɔ na ame o ene? Oo Yehowa, wònye èle mía dome,+Eye woyɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu hafi.+ Mègagblẽ mí ɖi o. 10  Ale Yehowa gblɔ le dukɔ sia ŋue nye esi: “Wolɔ̃a tsaglãlatsatsa;+ womekpɔ woƒe zɔzɔme dzi o.+ Eya ta woƒe nu medze Yehowa ŋu o.+ Azɔ aɖo ŋku woƒe vodada dzi, eye wòabia akɔnta wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.”+ 11  Eye Yehowa gblɔ nam be: “Mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta be eme nanyo na wo o.+ 12  Ne wotsi nu dɔ la, nyemesea woƒe kokoƒoƒo o;+ eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ nam la, womedzea ŋunye o;+ elabena matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃* atsrɔ̃ wo.”+ 13  Eye megblɔ be: “Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miele yi aɖeke kpɔ ge o, eye dɔwuame mava mia dzi o, ke boŋ ŋutifafa vavãtɔe mana mi le teƒe sia.’”+ 14  Eye Yehowa gblɔ nam be: “Alakpanya sɔŋ gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me.+ Nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo hã o.+ Alakpaŋutega, afakaka dzodzro, kple woƒe dzi ƒe amebeble gblɔm wole ɖi na mi.+ 15  Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me, evɔ nyemedɔ wo o, eye wole gbɔgblɔm be yi alo dɔwuame aɖeke mava anyigba sia dzi o la, ŋue nye esi: ‘Yi kple dɔwuame ana nyagblɔɖila mawo natsrɔ̃.+ 16  Eye woatsɔ ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu gbe ɖe Yerusalem kpɔdomeewo le dɔwuame kple yi ta, eye ame aɖeke maɖi wo o+—woawo ŋutɔwo, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo siaa—elabena matrɔ vɔ̃ si wodze na la akɔ ɖe wo dzi.’+ 17  “Eye nàgblɔ nya sia na wo be:‘Nye ŋkuwo nefa aɖatsi zã kple keli, eye woagadzudzɔ o,+Elabena wogbã nye dukɔ vinyɔnu si nye ɖetugbui leaƒe la gudugudu,+Eye wode abi eŋu vevie. 18  Ne meyi gbe me la,Mekpɔ ame siwo tsi yi nu le afi ma!+ Eye ne meva dua me la,Kpɔ ɖa, dɔwuame na amewo le dɔ lém!+ Elabena nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa tsa tsaglãla yi anyigba si womenya o la dzi.’”+ 19  Ðe nègbe Yuda keŋkeŋua, alo ɖe Zion le ŋu nyɔm na wòa?*+ Nu ka tae nèƒo mí ale gbegbe be hayahaya megale mía ŋu o?+ Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o,Míele mɔ kpɔm na gbedada, ke kpɔ ɖa, ŋɔdzi li!+ 20  Oo Yehowa, míedze si míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwoKple mía tɔgbuiwo ƒe vodadawo,Elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.+ 21  Le wò ŋkɔ la ta, mègagbe mí o;+Mègado vlo wò ŋutikɔkɔefiazikpui la o. Ðo ŋui, eye mègatu nu, si nèbla kpli mí la o.+ 22  Ðe dukɔwo ƒe legba dzodzroawo dometɔ aɖe ate ŋu ana tsi nadzaa,Alo ɖe dziƒowo ŋutɔ dzaa tsia? Oo Yehowa, mía Mawu, ɖe menye wòe wɔnɛ oa?+ Wòe míele mɔ kpɔm na,Elabena wòe wɔ nu siawo katã.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wo teviwo.”
Alo, “tsidoawo.”
Alo, “dɔléle.”
Alo, “na wò luʋɔa?”