Yeremiya 18:1-23

  • Ale si tsu le le zemela si me (1-12)

  • Yehowa trɔ megbe de Israel (13-17)

  • Woɖo nugbe ɖe Yeremiya ŋu; eƒo koko na Mawu (18-23)

18  Yehowa ƒe gbe si va na Yeremiya ye nye esi:  “Tso nàyi zemela ƒe aƒe me,+ eye mana nàse nye nyawo le afi ma.”  Ale meyi zemela ƒe me, eye kpɔ ɖa, ele dɔ wɔm le zemenu dzi.  Gake ze si zemela la tsɔ tsu le mèmem la gblẽ ɖe esi me. Eya ta etsɔe wɔ ze bubui abe ale si wòdze zemela la ŋu be yeawɔ ene.  Eye Yehowa ƒe gbe gava nam be:  “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Oo Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi abe ale si zemela sia wɔna ene oa? Oo Israel ƒe aƒe, ale si tsu le le zemela si mee la, nenemae miele le asinye me.+  Ɣesiaɣi si megblɔ ɖe dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe ŋu be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e,+  eye dukɔ ma ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si ŋu nya megblɔ la ŋu la, ekema matrɔ susu* eye nyemagahe vɔ̃ si meɖo ɖe eŋu la ava edzi o.+  Ke ɣesiaɣi si megblɔ le dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe ŋu be matsoe, eye maɖoe te, 10  gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunyeme, eye meɖo to nye gbe o la, ekema matrɔ susu* eye nyemagawɔ nyui si meɖo be mawɔ nɛ la nɛ o.’ 11  “Eya ta meɖe kuku, gblɔ na Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu, eye meɖo nugbe ɖe mia ŋu. Meɖe kuku, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃ dzi, eye miɖɔ miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.”’”+ 12  Gake woɖo eŋu be: “Kpao!+ Míawɔ nu si míawo ŋutɔwo míesusu, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe awɔ nu ɖe eƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri la nu.”+ 13  Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Meɖe kuku, miawo ŋutɔwo miyi ɖabia le dukɔwo dome. Ame kae se nya siawo tɔgbi kpɔ? Israel ɖetugbui leaƒe la wɔ ŋunyɔnu si tɔgbi meli o.+ 14  Ðe sno siwo le Lebanon Towo ƒe agakpewo ŋu la anyi avɔa? Alo ɖe tsi fafɛ siwo le sisim tso didiƒe la amie keŋkeŋua? 15  Ke hã, nye dukɔ ŋlɔm be.+ Elabena wosa vɔ* na nu maɖinu,+Eye wona amewo kli nu le woƒe mɔ siwo nye blematoƒewo la dzi,+Ne woazɔ mɔ dzeɖexɛ siwo dzi mezrɔ o eye wòle glidzaglidza* la dzi, 16  Ale be woƒe anyigba la nazu nu wɔmoyaa,+Kple nu si ŋu woalia aku ɖo tegbee.+ Ame sia ame si ato eŋu la ƒe nu aku eye wòaʋuʋu ta.+ 17  Maka wo ahlẽ le futɔ la ŋgɔ abe ale si ɣedzeƒeya lɔa nu ɖe nu ene. Gbe si gbe vɔ̃ aƒo go wo la, matrɔ megbe ade wo, ke menye ŋkume o.”+ 18  Ke wogblɔ be: “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremiya ŋu,+ elabena se* la mabu ɖe míaƒe nunɔlawo loo, aɖaŋudede nabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Miva míaƒo nu tsi tre ɖe eŋu,* eye míado toku nya sia nya si wòagblɔ.” 19  Oo Yehowa, lé to ɖe ŋunye,Eye nàse nu siwo gblɔm ame siwo tsi tre ɖe ŋunye la le. 20  Ðe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Elabena woɖe ʋe na nye agbe.*+ Ðo ŋku ale si metsi tsitre ɖe ŋkuwòme heƒo nu nyui le wo ŋu,Be mana wò dɔmedzoe nu nafa ɖe wo ŋu la dzi. 21  Eya ta tsɔ wo viŋutsuwo de asi na dɔwuame,Eye nàtsɔ wo ade asi na yi.+ Wo srɔ̃wo ƒe viwo neku, eye wonezu ahosiwo.+ Dɔvɔ̃ newu woƒe ŋutsuwo,Eye woƒe ɖekakpuiwo netsi yi nu le aʋa me.+ 22  Wonese avifafa le woƒe aƒewo meNe èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi. Elabena woɖe ʋe be yewoatsɔ aɖem,Eye wotre mɔ̃ na nye afɔwo.+ 23  Ke wò Yehowa,Ènya adaŋu siwo katã wode ɖe ŋunye be yewoawum la nyuie.+ Mègatsyɔ nu woƒe vodada la dzi o,Eye mègatutu woƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkuwòme o. Na woakli nu le ŋkuwòme,+Ne ètso ɖe wo ŋu le wò dɔmedzoedogbe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “avem.”
Alo, “avem.”
Alo, “wodo dzudzɔ.”
Alo, “mɔ siwo womedo o.”
Alo, “mɔfiame.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “míatsɔ aɖe aƒoe.”
Alo, “luʋɔ.”