Yeremiya 21:1-14

  • Yehowa meɖo Zedekiya ƒe biabia ŋu o (1-7)

  • Amewo natia agbe alo ku (8-14)

21  Yehowa ƒe gbe va na Yeremiya, esime Fia Zedekiya+ dɔ Pashur,+ Malkiya vi, kple nunɔla Zefaniya,+ Maaseya vi, ɖo ɖe egbɔ ne woagblɔ nɛ bena:  “Meɖe kuku, bia gbe Yehowa na mí, elabena Babilon-fia Nebukadnezar* ho aʋa ɖe mía ŋu.+ Ðewohĩ Yehowa awɔ eƒe nu wɔnuku aɖe ɖe mía nu, ne wòaho adzo le mía gbɔ.”+  Yeremiya gblɔ na wo be: “Ale miagblɔ na Zedekiya ye nye esi,  ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matrɔ miaƒe aʋawɔnu siwo le mia si mietsɔ le aʋa wɔm kple Babilon-fia+ kple Kaldeatɔ siwo ɖe to ɖe mi le glia godo la ɖe mia ŋu. Eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina.  Nye ŋutɔ matsɔ asi si medo ɖa kple alɔkame sesẽ, awɔ avu kpli mi+ le dziku, dɔmedzoe kple nyanyra si teƒe mekɔ o me.+  Eye mawu du sia me nɔlawo, amegbetɔwo kple lãwo siaa. Dɔvɔ̃* si nu sẽe matsɔ awu woe.”’+  “Yehowa be: ‘Emegbe matsɔ Yuda-fia Zedekiya, eƒe subɔviwo, kple du sia me tɔwo—ame siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la—ade asi na Babilon-fia Nebukadnezar* kple woƒe futɔwo kpakple ame siwo le didim be yewoaɖe woƒe agbe* ɖa.+ Atsɔ yi awu wo. Mase veve ɖe wo nu o, eƒe dɔme matrɔ ɖe wo ŋu o, eye makpɔ nublanui na wo o.’+  “Eye nàgblɔ na dukɔ sia be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ ɖo mia ŋkume.  Ame siwo atsi du sia me la, yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ awu wo. Ke ame si ado ayi atsɔ eɖokui ana Kaldeatɔ siwo ɖe to ɖe mi la atsi agbe, eye eƒe agbe* azu aboyonu nɛ.”’*+ 10  “‘Yehowa be: “Metɔ ŋku du sia be mahe vɔ̃ ava edzi, ke menye nyui o.+ Woatsɔe ade asi na Babilon-fia,+ eye wòatɔ dzoe.”+ 11  “‘Mi Yuda-fia ƒe aƒemetɔwo, mise Yehowa ƒe nya, 12  Oo David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitso afia dzɔdzɔe ŋdi sia ŋdi,Eye miɖe ame si woda adzoe la tso adzodala si me,+Ne nye dziku nagafla abe dzo ene,+Eye wòabi woade etsi ge do kpoeLe miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo ta o.”’+ 13  Yehowa be: ‘Oo balimenɔla,Oo agakpe si le anyigba sɔsɔe dzi, kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò. Ke mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ame kae aɖi abu ava dze mía dzi? Eye ame kae age ɖe mía nɔƒe?” 14  Mabia akɔnta miÐe miaƒe nuwɔnawo me tsonuwo nu,+ Yehowa ye gblɔe. Matɔ dzo eƒe ave la,Eye wòafiã nu siwo katã ƒo xlãe.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Alo, “Dɔléle.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “aɖe eƒe agbe.”