Yeremiya 22:1-30

  • Ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo ɖe fia vɔ̃ɖiwo ŋu (1-30)

    • Ðe Salum ŋu (10-12)

    • Ðe Yehoyakim ŋu (13-23)

    • Ðe Koniya ŋu (24-30)

22  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi Yuda-fia ƒe me,* eye nàgblɔ nya sia.  Ale nàgblɔe nye esi, ‘Oo Yuda-fia, wò ame si bɔbɔ nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò kple wò subɔviwo kple wò dukɔ, si toa agbo siawo nu gena ɖe eme, mise Yehowa ƒe nya.  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, miwɔ nu dzɔdzɔe. Miɖe ame si woda adzoe la le adzodala si me. Migawɔ fu amedzrovi o, eye migawɔ ŋlɔmi le tsyɔ̃evi alo ahosi ŋu o.+ Migakɔ ʋu maɖifɔ aɖeke ɖe teƒe sia o.+  Elabena ne miewɔ nya sia dzi pɛpɛpɛ la, ekema fia siwo bɔbɔ nɔ David ƒe fiazikpui dzi+ la aɖo tasiaɖam, eye woado sɔ ato aƒe sia ƒe agbowo nu age ɖe eme, woawo ŋutɔ kple woƒe subɔviwo kpakple woƒe dukɔa me tɔwo siaa.”’+  “Yehowa be, ‘Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye be, aƒe sia azu aƒedo.’+  “Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋue nye esi,‘Èle abe GileadKple Lebanon tame ene nam. Ke hã, mana nàzu gbegbe;Eye ame maganɔ wò duwo dometɔ aɖeke me o.+   Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò,Wo dometɔ ɖe sia ɖe kple eƒe aʋawɔnuwo.+ Woalã wò sederti nyuitɔwoEye woamu adze dzo me.+  “‘Dukɔ geɖewo ava to du sia ŋu ayi, eye woabia wo nɔewo be: “Nu ka tae Yehowa wɔ du gã sia alea?”+  Eye woaɖo eŋu be: “Esi wogblẽ Yehowa woƒe Mawu ƒe nubabla la ɖi, eye wode ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo tae.”’+ 10  Migafa avi na ame si ku la o,Eye migase veve ɖe eta o. Mifa avi hehehe ɖe ame si wokplɔ yina aboyo me la boŋ ta,Elabena magatrɔ agbɔ ava kpɔ anyigba si dzi wodzii ɖo la azɔ o. 11  “Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yosiya vi Salum,*+ si le fia ɖum ɖe fofoa Yosiya+ teƒe, gake wòdzo le teƒe sia ŋue nye esi: ‘Magatrɔ ava afi ma o. 12  Ke boŋ afi si woɖe aboyoe yi la, afi mae wòaku ɖo, eye magakpɔ anyigba sia azɔ o.’+ 13  Baba na ame si le eƒe xɔ tum to mɔ madzɔmadzɔ dzi,Eye wòle eƒe dziƒoxɔ tum to anukwaremaɖimaɖi me,Ame si na ehavi wɔ dɔ nɛ dzodzro,Eye wògbe fexexe nɛ;+ 14  Ame si le gbɔgblɔm be: ‘Matu xɔ gãwoKple dziƒoxɔ siwo me keke la na ɖokuinye. Made fesrewo eŋu,Eye maklã sedertiʋuƒo ɖe eme ahasi aŋɔ dzĩ nɛ.’ 15  Ðe nàkpɔtɔ anye fia le esi nèƒo ame bubuwo ta le sedertiwo zazã me ta? Fofowò hã ɖu nu, no nu,Gake edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe hewɔ nu dzɔdzɔe.+Eye eme nyo nɛ. 16  Ekpɔ fukpelawo kple ame dahewo ƒe nya gbɔ ɖe eteƒe.Esia tae eme nyo nɛ ɖo. ‘Ðe menye emae nye sidzedzem oa?’ Yehowa ye gblɔe. 17  ‘Ke wò ŋkuwo kple wò dzi le viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ,Ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖi,Ametafatafa kple sesẽnuxɔxɔ ko ŋu.’ 18  “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yehoyakim,+ Yosiya vi ŋue nye esi,‘Amewo mafa nɛ ahagblɔ na wo nɔewo be, “Ao, nɔvinyeŋutsu! Ao, nɔvinyenyɔnu!” o. Womafa nɛ be: “Ao, aƒetɔ! Ao, fia bubutɔ!” o. 19  Woaɖii abe tedzi ene,+Woatee le anyigba atsɔ aƒu gbeÐe Yerusalem ƒe agbowo godo.’+ 20  Lia yi Lebanon nàdo ɣli,Wò gbe nede dzi le Basan.Do ɣli tso Abarim,+Elabena wogbã ame siwo katã lɔ̃ wò vevie la gudugudu.+ 21  Meƒo nu kpli wò esime nèli bɔkɔɔ. Ke ègblɔ be: ‘Nyemaɖo to o.’+ Aleae nèwɔa nui tso keke wò ɖevime ke,Elabena mèɖo to nye gbe o.+ 22  Ya akplɔ wò lãkplɔviwo katã adzoe,+Eye ame siwo lɔ̃a wò vevie la ayi aboyo me. Ɣemaɣi la, ŋu akpe wò, eye woado vlo wò le vɔ̃ siwo katã va dziwò la ta. 23  Wò ame si le Lebanon,+Eye nèwɔ atɔ ɖe sedertiwo me,+Aleke gbegbe nàɖe hũ ne vevesese ƒo ɖe dziwò,Eye àse veve* abe nyɔnu si le ku lém ene lae nye esi!”+ 24  “Yehowa be: ‘Zi ale si mele agbe la, ne wò Yuda-fia Koniya,*+ Yehoyakim+ vi, ye nye ŋkɔsigɛ le nye nuɖusi hã la, maɖe wò ɖa le afi ma! 25  Eye matsɔ wò ade asi na ame siwo le didim be yewoaɖe wò agbe* ɖa kple ame siwo le ŋɔ dzim na wò la, eye matsɔ wò ade asi na Babilon-fia Nebukadnezar* kple Kaldeatɔwo.+ 26  Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si womedzi mi ɖo o, eye afi mae miaku ɖo. 27  Eye womagagbɔ va anyigba si dzi vava le wo dzrom* vevie la dzi gbeɖe o.+ 28  Ze gbagbã, si ɖi gbɔe Koniya sia nyea,Ze si ƒe nu menyoa ame ŋu o ye ŋutsu sia nyea? Nu ka tae woatsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo aƒu gbeÐe anyigba si womenya o la dzi?’+ 29  Oo anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya. 30  Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miŋlɔ ŋutsu sia ŋkɔ ɖi be medzi vi o,Be enye ŋutsu si naneke madze edzi na le eƒe agbe* me o,Elabena nu madze edzi na eƒe dzidzimevi aɖeke,Ne wòanɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi ahaɖu fia le Yuda akpɔ o.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiasã me.”
Eya kee wogayɔna be Yehoahaz.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “àlé ku.”
Wogayɔe be Yehoyakin alo Yekoniya.
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Alo, “le woƒe luʋɔ dzrom.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbemeŋkekewo.”