Yeremiya 24:1-10

  • Gbotsetse nyuiwo kple gbotsetse gbegblẽwo (1-10)

24  Esi Babilon-fia Nebukadnezar* ɖe aboyo Yuda-fia Yekoniya,*+ si nye Yehoyakim+ vi kple Yuda-megãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kpakple gbedewo* tso Yerusalem yi Babilon megbe la, Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve siwo wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋgɔ.+  Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, abe gbotsetse ŋgɔgbeawo ene; ke gbotsetse siwo le kusi evelia me ya gblẽ ŋutɔ, wogblẽ ale gbegbe be womele ɖuɖu me o.  Eye Yehowa biam be: “Yeremiya, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be: “Gbotsetsewoe; gbotsetse nyuitɔawo nyo ŋutɔ, gake gbegblẽawo gblẽ ale gbegbe be womele ɖuɖu me o.”+  Eye Yehowa ƒe gbe va nam be:  “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Ale si gbotsetse nyui siawo le la, nenemae mabu Yuda ƒe aboyome siwo menya le teƒe sia ɖo ɖe Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi lae.  Nye ŋku anɔ wo ŋu hena woƒe nyonyo, eye mana woagbugbɔ ava anyigba sia dzi.+ Matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.+  Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be nyee nye Yehowa.+ Woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu,+ elabena woatrɔ ɖe ŋunye kple woƒe dzi blibo.+  “‘Ale Yehowa gblɔ le gbotsetse gbegblẽ siwo gblẽ ale gbegbe be womele ɖuɖu me o+ la ŋue nye esi: “Nenemae mabu Yuda-fia Zedekiya,+ eƒe amegãwo kple Yerusalem ƒe ame susɔe siwo kpɔtɔ ɖe anyigba sia dzi kple ame siwo le Egipte-nyigba dzi lae.+  Mana vɔ̃ gã aɖe nadzɔ ɖe wo dzi eye woazu ŋɔdzinu na anyigbadzifiaɖuƒewo+ katã, woazu vlodonu kple lodonu, alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu+ le teƒe siwo katã maka wo ahlẽ ɖo.+ 10  Maɖo yi,+ dɔwuame kple dɔvɔ̃*+ ɖe wo ŋu, va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ le anyigba si metsɔ na woawo kple wo tɔgbuiwo la dzi.”’”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Wogayɔnɛ be Yehoyakin alo Koniya.
Agate ŋu afia, “takpɔgliɖolawo.”
Alo, “dɔléle.”