Yeremiya 3:1-25

  • Israel ƒe xɔsegbegbe gbɔ eme (1-5)

  • Israel kple Yuda ɖi ahasiwɔwɔ ƒe fɔ (6-11)

  • Woxlɔ̃ nu wo be woatrɔ dzi me (12-25)

3  Amewo biana be: “Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnua yi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnua gbɔa?” Ðe manye kɔgbegblẽ ɖo na anyigba ma keŋkeŋ oa?+ “Wò la, èwɔ gbolo kple wò zɔhɛ geɖeawo,+Ðe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowa ye gblɔe.   “Fɔ mo dzi nàkpɔ togbɛ ƒeƒlewo dzi ɖa. Afi kae womedɔ gbɔwò le kpɔ o? Èbɔbɔ nɔ mɔ to le wo lalam,ènɔ anyi abe tsatsala* le gbegbe eneEye nètsɔ wò gbolowɔwɔ kple wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ Gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.+   Eya tae tsi gbe dzadza,+Eye adatsi hã medza o. Mo kplala* li na wò abe srɔ̃nyɔnu gbolowɔla ene;Ŋu mekpea wò o.+   Azɔ nèle ɣli dom nam be,‘Fofonye, wòe nye nye ɖetugbuimezɔhɛ!+   Ðe ame alé dziku ɖe dɔme ɖaa,Alo ɖe wòalé ame ɖe dɔme ɖikaa?’ Alea nègblɔ,Ke nèwɔa nu baɖa siwo katã nàte ŋui.”+  Yehowa gblɔ nam le Fia Yosiya+ ŋɔli be: “‘Èkpɔ nu siwo Israel mawɔnuteƒe la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te, eye wòwɔ gbolo le afi ma.+  Ke esi wòwɔ nu siawo katã megbe gɔ̃ hã la, megblɔna nɛ be wòatrɔ ɖe ŋunye,+ gake metrɔ o; eye Yuda kpɔ nu si nɔvianyɔnu mawɔnuteƒe la nɔ wɔwɔm.+  Esi mekpɔe la, megbe Israel mawɔnuteƒe la le eƒe ahasiwɔwɔ+ ta, eye mena srɔ̃gbegbalẽe.+ Ke hã nɔvia Yuda alakpanuwɔla la mevɔ̃ o; ke boŋ eya hã yi ɖawɔ gbolo.+  Ebu eƒe gbolowɔwɔ la nu tsɛe, eye wògblẽ anyigba la hewɔ ahasi kple atiwo kpakple kpewo.+ 10  Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, nɔvia alakpanuwɔla Yuda hã metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu,’ Yehowa ye gblɔe.” 11  Eye Yehowa gagblɔ nam be: “Israel mawɔnuteƒe la* wɔ nu dzɔdzɔe wu Yuda alakpanuwɔla la.+ 12  Yi ɖaɖe gbeƒã nya siawo ɖo ɖe dziehe gome be:+ ‘Oo, Israel dzego, trɔ va,’ ale Yehowa gblɔe nye esi:+ ‘Nyemaɖo adã* ɖe mia ŋu o,+ elabena nuteƒewɔlae menye,’ Yehowa ye gblɔe. ‘Nyemalé dziku ɖe dɔme ɖaa o. 13  Ðeko de dzesi wò vodada, elabena Yehowa wò Mawu ŋue nèda vo ɖo. Èma wò nunyonamewo* na ame tutɔwo* le ati damawo katã te, ke mieɖo to nye gbe o,’ Yehowa ye gblɔe. 14  Yehowa be: “Mi vi dzegowo, mitrɔ va. Elabena nyee nye miaƒe aƒetɔ* ŋutɔŋutɔ; maxɔ mi, maɖe ame ɖeka tso du ɖeka me kple ame eve tso ƒome ɖeka me ahakplɔ mi ava Zion.+ 15  Mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu,+ eye woatsɔ sidzedze kple gɔmesese deto anyi mi. 16  Miasɔ gbɔ, eye miadzi ɖe edzi le anyigba la dzi le ŋkeke mawo me,” Yehowa ye gblɔe.+ “Miagagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka!’ o, eye esia magava ame ƒe dzi me azɔ o, miagaɖo ŋku edzi alo wòadzro mi o, eye miagakpae azɔ o. 17  Ɣemaɣi la, woayɔ Yerusalem be Yehowa ƒe fiazikpui;+ eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ne woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ le afi ma,+ eye womagazɔ le woƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi la nu azɔ o.” 18  “Le ŋkeke mawo me la, Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe+ azɔ aduadu, eye woawɔ ɖeka ado tso dziehenyigba dzi ava anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo wòzu woƒe domenyinu la dzi.+ 19  Megblɔ le tame be, ‘Mikpɔ ale si metsɔ mi ɖo viŋutsuwo dome hetsɔ anyigba nyui, domenyinu nyuitɔ kekeake le dukɔwo* dome na mi ɖa!’+ Eye mebu hã be, miayɔm be, ‘Fofonye!’ eye miatrɔ le yonyeme o.’ 20  ‘Oo, Israel ƒe aƒe, ale si nyɔnu alakpanuwɔla dzona le srɔ̃a* gbɔe la, nenemae miewɔ alakpanu ɖe ŋunye,’+ Yehowa ye gblɔe.” 21  Wose gbe aɖe le togbɛ ƒeƒlewo dzi,Avifafa kple Israel-viwo ƒe kokoƒoƒoe,Elabena wona woƒe mɔwo glɔ̃;Woŋlɔ Yehowa woƒe Mawu la be.+ 22  “Mi vi dzegowo, mitrɔ va. Ne mada gbe le miaƒe godzedze la ŋu.”+ “Míawoe nye esi! Míeva gbɔwò,Elabena wò Yehowae nye mía Mawu.+ 23  Vavãe, togbɛwo kple hoowɔwɔ le towo dzi nye alakpa ɖeɖe sɔŋ.+ Nyateƒee, Yehowa mía Mawu la koe ate ŋu axɔ na Israel.+ 24  Ke ŋukpenanu* la ɖu nu siwo mia fofowo ku kutri kpɔ la keŋkeŋ tso míaƒe ɖevime ke:+Woƒe alẽwo, woƒe nyiwo,Wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo. 25  Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me,Eye míaƒe ŋukpe natsyɔ mía dzi,Elabena Yehowa mía Mawu ŋue+Mía kple mía fofowo míewɔ nu vɔ̃ ɖo tso míaƒe ɖevime ke va se ɖe egbe sia,+Eye míeɖo to Yehowa mía Mawu ƒe gbe o.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Arabiatɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ŋgo.”
Alo, “mawɔnuteƒe la ƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye mo mage.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Èma wò mɔwo.”
Alo, “mawu tutɔwo.”
Agate ŋu afia, “mia srɔ̃.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dukɔwo ƒe aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe zɔhɛ.”
Alo, “ŋukpenamawu.”