Yeremiya 41:1-18

  • Ismael wu Gedaliya (1-10)

  • Yohanan na Ismael si (11-18)

41  Le ɣleti adrelia me la, Ismael,+ Netaniya vi, Elisama vi, si tso fiaƒomea me, eye wònye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka kple ame ewo bubu siwo kpe ɖe eŋu la va Gedaliya, Ahikam vi, gbɔ le Mizpa.+ Esi wonɔ nu ɖum ɖekae le Mizpa la,  Ismael, Netaniya vi kple ame ewo siwo le eŋu la tso heda yi Gedaliya, Ahikam vi, Safan vi la. Ale wòwu ame si Babilon-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.  Eye Ismael wu Yudatɔ siwo katã le Gedaliya gbɔ le Mizpa hekpe ɖe Kaldeatɔwo ƒe aʋawɔla siwo le afi ma la ŋu.  Le ŋkeke evelia le Gedaliya wuwu megbe, esi ame aɖeke mekpɔ see o la,  ŋutsu blaenyi tso Sekem,+ Silo+ kple Samaria+ va. Ŋutsu siawo lũ ge, eye wodze woƒe awuwo hesi wo ɖokuiwo,+ eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple lifi+ ɖe asi be woatsɔ ava Yehowa ƒe aƒe la me.  Eye Ismael, Netaniya vi, do tso Mizpa le avi dzi yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo ko la, egblɔ na wo be: “Miva Gedaliya, Ahikam vi gbɔ.”  Ke esi woɖo dua me ko la, Ismael, Netaniya vi kple ŋutsu siwo le eŋu la wu wo, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe vudo la me.  Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be: “Mègawu mí o, elabena míeɣla lu, ƒo, ami kple anyitsi gbogbo aɖe ɖe gbe me.” Ale megaxa wu wo kpe ɖe wo nɔviwo ŋu o.  Ke vudo si me Ismael tsɔ ŋutsu siwo katã wòwu la ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo la nye vudo gã aɖe si Fia Asa ɖe le Israel-fia Baasa ta.+ Eya mee Ismael, Netaniya vi lɔ ame siwo wowu la kɔ ɖo. 10  Eye Ismael ɖe aboyo dukɔ la ƒe ame susɔe siwo le Mizpa,+ fia vinyɔnuwo kple ame siwo katã kpɔtɔ ɖe Mizpa, ame siwo fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Nebuzaradan tsɔ de Gedaliya,+ Ahikam vi, si be wòakpɔ wo dzi. Ismael, Netaniya vi, ɖe aboyo wo, eye wòdzo be yeayi go kemɛ dzi le Amonitɔwo+ gbɔ. 11  Esi Yohanan,+ Karea vi kple aʋakplɔla siwo katã le eŋu la se nu vɔ̃ɖi siwo katã Ismael, Netaniya vi, wɔ la, 12  wokplɔ ŋutsuawo katã, eye woyi aʋa wɔ ge kple Ismael, Netaniya vi, eye wova tui le Gibeon tɔ gã* la to. 13  Esi ame siwo katã le Ismael ŋu la kpɔ Yohanan, Karea vi kple aʋakplɔla siwo katã le eŋu la, dzi dzɔ wo. 14  Eye ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe tso Mizpa+ la trɔ le eyome yi Yohanan, Karea vi, la gbɔ. 15  Ke Ismael, Netaniya vi kple ŋutsu siwo nɔ eŋu dometɔ enyi si le Yohanan nu yi Amonitɔwo gbɔ. 16  Eye Yohanan, Karea vi kple aʋakplɔla siwo katã le eŋu la kplɔ Mizpatɔ susɔeawo katã, ame siwo woxɔ tso Ismael, Netaniya vi si, esi Ismael wu Gedaliya,+ Ahikam vi megbe la dzoe. Wokplɔ ŋutsuwo, aʋawɔlawo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiaŋumewo tso Gibeon. 17  Eye woyi ɖanɔ Kimham ƒe dzeƒe si le Betlehem+ gbɔ, ne woayi mɔzɔzɔa dzi ayi Egipte+ 18  le Kaldeatɔwo ta. Elabena wole wo vɔ̃m, le esi Ismael, Netaniya vi, wu Gedaliya, Ahikam vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo anyigba la nu ta.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “ta gã.”