Yeremiya 42:1-22

  • Wobia Yeremiya be wòado gbe ɖa abia mɔfiame (1-6)

  • Yehowa gblɔ be: “Migayi Egipte o” (7-22)

42  Eye aʋakplɔlawo katã kple Yohanan,+ Karea vi, Yezaniya,* Hosaya vi kpakple dukɔ blibo la katã, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va  gblɔ na nyagblɔɖila Yeremiya be: “Míeɖe kuku, ve mía nu, eye nàdo gbe ɖa na Yehowa wò Mawu la ɖe mía ta, ɖe ame susɔe siawo katã ta, elabena mí ame ʋɛ siawo koe kpɔtɔ le ame gbogboawo dome,+ abe ale si wò ŋutɔ nèle ekpɔm ene.  Yehowa wò Mawu la nafia mɔ si míato kple nu si míawɔ la mí.”  Nyagblɔɖila Yeremiya ɖo eŋu na wo be: “Mesee, mado gbe ɖa na Yehowa mia Mawu la abe ale si miegblɔe ene; eye nya sia nya si Yehowa atsɔ aɖo eŋu na mi la, eyae magblɔ na mi. Nyemaɣla nya aɖeke ɖe mi o.”  Wogblɔ na Yeremiya be: “Yehowa nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu, ne míewɔ abe ale si tututu Yehowa wò Mawu la gblɔ na wò be nàgblɔ na mí ene o.  Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa mía Mawu, ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo la ƒe gbee míaɖo toe, be eme nanyo na mí le esi míeɖo to Yehowa mía Mawu ƒe gbe ta.”  Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe gbe va na Yeremiya.  Eya ta edɔ woɖayɔ Yohanan, Karea vi kple aʋakplɔla siwo katã le eŋu kpakple dukɔ blibo la, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi vɛ.+  Egblɔ na wo be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ miedɔm ɖo be matsɔ miaƒe biabia ayi eŋkume be wòave mia nu la, gblɔe nye esi: 10  ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, ekema nye hã matu mi, eye nyemagbã mi o, mado mi, eye nyemaho mi o; eye vɔ̃ si mehe va mia dzi la ate ɖe dzinye.*+ 11  Migavɔ̃ na Babilon-fia si vɔ̃m miele la o.’+ “Yehowa be: ‘Migavɔ̃e o, elabena meli kpli mi, be maxɔ na mi, eye maɖe mi tso esi me. 12  Makpɔ nublanui na mi,+ eye eya hã akpɔ nublanui na mi ahana miatrɔ va miawo ŋutɔwo miaƒe anyigba dzi. 13  “‘Ke ne miebe, “Kpao, míele anyigba sia dzi nɔ ge o!” eye miegbe toɖoɖo Yehowa mia Mawu ƒe gbe 14  hele gbɔgblɔm be, “Kpao, ke boŋ míayi Egipte-nyigba dzi,+ afi si míakpɔ aʋawɔwɔ aɖeke teƒe, eye míase lãdzo ƒe ɖiɖi le o, afi si abolodɔ mawu mí le o; afi mae míanɔ” la, 15  ekema mi Yuda ƒe ame susɔeawo, mise Yehowa ƒe gbe. Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi be yewoaɖanɔ afi ma* la, 16  ekema yi si tututu vɔ̃m miele la atu mi le Egipte-nyigba dzi afi ma, eye dɔwuame si tututu le ŋɔ dzim na mi la anɔ mia yome ayi Egipte afi ma, eye afi mae miaku ɖo.+ 17  Eye ame siwo katã aɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte aɖanɔ afi ma la, woawoe atsi yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃* si me. Woƒe ame aɖeke matsi agbe alo asi o, le vɔ̃ si he ge mala ava wo dzi la ta.”’ 18  “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Ale si ko metrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem nɔlawo dzi la,+ nenema kee matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe miawo hã mia dzi ne mieyi Egipte, miazu fiƒode kple ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple vlodonu,+ eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku akpɔ o.’ 19  “Oo Yuda ƒe ame susɔeawo, Yehowa gbe na mi. Migayi Egipte o. Minyae nyuie be mexlɔ̃ nu mi egbea 20  be miaƒe vodada ahe ku vɛ na mi.* Elabena miawo ŋutɔwoe dɔm ɖe Yehowa mia Mawu la gbɔ be: ‘Do gbe ɖa na Yehowa mía Mawu ɖe mía ta, eye nàgblɔ nu sia nu si Yehowa mía Mawu gblɔ la na mí, ne míawɔe.’+ 21  Eye megblɔ wo na mi egbea, ke miele to ɖo ge Yehowa mia Mawu la ƒe gbe, alo awɔ nya siwo wògblɔ nam be magblɔ na mi la dzi o.+ 22  Eya ta minyae nyuie be miatsi yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me le teƒe si le mia dzrom miebe yewoayi aɖanɔ la.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Woyɔe be “Yaazaniya” le 2Fi 25:23; Eya kee wogayɔ be “Azariya” le Yer 43:2.
Alo, “ado nuxaxa nam.”
Alo, “yewoaɖanɔ afi ma vie.”
Alo, “dɔléle.”
Alo, “na miaƒe luʋɔwo.”