Yeremiya 48:1-47

  • Nya ɖe Moab ŋu (1-47)

48  Ðe Moab ŋu:+ Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Baba na Nebo,+ elabena wotsrɔ̃e! Woxɔ Kiriatayim,+ eye ŋukpe lée. Wogbã mɔ́ sesẽ* la wòzu ŋukpe gã.+   Womegakafua Moab o. Woɖo nugbe ɖe eŋu le Hesbon+ be: ‘Miva míatsrɔ̃e be wòaganye dukɔ azɔ o.’ “Oo Madmen, ɖoɖoe nezi le wò hã nuwò.Elabena yi kplɔ wò ɖo.   Ɣli le ɖiɖim tso Horonayim,+Le tsɔtsrɔ̃ kple anyidzedze gã ta.   Wogbã Moab. Viawo le ɣli dom.   Wole avi fam le Luhit todzimɔ la dzi. Eye wose konyifaɣli le Horonayim ƒe abu nu le gbegblẽ la ta.+   Misi, miɖe miaƒe agbe!* Minɔ abe sesewuti le gbedadaƒo ene.   Esi nèle dzi ɖom ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋu ta la,Woaxɔ wò hã. Eye Kemos+ ayi aboyo meHekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple eƒe amegãwo ŋu.   Nutsrɔ̃la la ava dze du sia du dzi,Eye du aɖeke mado le eme o.+ Bali la nu ayi,Eye woatsrɔ̃ anyigba sɔsɔe* la gbidii, abe ale si Yehowa gblɔe ene.   “Mina mɔfiadzesi Moab,Elabena ne woatsrɔ̃e la, eƒe amewo asi,Eƒe duwo azu ŋɔdzinu,Eye ame aɖeke manɔ wo me o.+ 10  Aɖi ame si le Yehowa ƒe dɔ la wɔm ɖewoɖewoe la ŋu kpékpekpe! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be yemakɔ ʋu ɖi o la ŋu kpékpekpe! 11  Moabtɔwo li bɔkɔɔ tso keke woƒe ɖevime ke,Wole abe wain si ɖo ƒã ɖi ene, Wometrɔ wo tso goe me kɔ ɖe goe bubu me o,Eye womeyi aboyo me kpɔ o. Esia tae woƒe vivi gale wo ŋu,Eye woƒe ʋeʋẽ lilili hã metrɔ o ɖo. 12  “Yehowa be: ‘Eya ta kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi maɖo ŋutsuwo ɖa ne woatrɔ wo aƒu gbe. Woatrɔ wo abu anyi, ne woƒe goewo natsi ƒuƒlu, eye woagbã woƒe ze gãwo gudugudu. 13  Ŋukpe alé Moabtɔwo ɖe Kemos ŋu, abe ale si ko ŋukpe lé Israel ƒe aƒe la ɖe Betel si ŋu woɖo dzi ɖo la ŋu ene.+ 14  Aleke wɔ mianɔ gbɔgblɔm be, “Kalẽtɔwo míenye, eye míele klalo na aʋawɔwɔ”?’+ 15  ‘Wotsrɔ̃ Moab,Woho ɖe eƒe duwo ŋu.+Wowu woƒe ɖekakpui vavãwo,’+ Fia si ŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.+ 16  Moabtɔwo ƒe gbegblẽ tu aƒe,Eye woƒe anyidzedze le du dzi gbɔna.+ 17  Ame siwo katã ƒo xlã wo,Kple ame siwo katã nya woƒe ŋkɔ la, afa na wo. Migblɔ be: ‘Oo, aleke woŋe ŋusẽ ƒe atikplɔ, si nye atsyɔ̃tikplɔ lae nye esi!’ 18  Oo Dibon+ vinyɔnu, ɖi le wò ŋutikɔkɔe meEye nànɔ anyi ɖi tsikɔ nawu wò,*Elabena Moab tsrɔ̃la ho ɖe ŋuwò,Atsrɔ̃ wò mɔ́ sesẽawo.+ 19  Oo Aroer+ nɔla, va tɔ ɖe mɔ to nànɔ nu kpɔm. Bia ŋutsu si de afɔ du me kple nyɔnu si sí va yina la be, ‘Nya kae le dzɔdzɔm?’ 20  Ŋu kpe Moab, eye ŋɔdzi lée. Mifa avi vevie, eye mido aƒa. Miɖe gbeƒãe le Arnon+ be wotsrɔ̃ Moab. 21  “Ʋɔnudɔdrɔ̃ va gbadzaƒenyigba,*+ Holon, Yahaz+ kple Mefaat+ dzi; 22  eva Dibon,+ Nebo+ kple Bet-Diblatayim dzi; 23  eva Kiriatayim,+ Bet-Gamul kple Bet-Meon+ dzi; 24  eva Keriot+ kple Bozra dzi; eva Moab-nyigba ƒe du siwo le didiƒe kple kpuiƒe la katã dzi. 25  ‘Woŋe Moab ƒe ŋusẽ,*Eye woŋe eƒe alɔ,’ Yehowa ye gblɔe. 26  ‘Mina wòamu aha,+ elabena etɔ asi akɔ ɖe Yehowa ŋu.+ Moab mli le eƒe xeɖeɖe me,Eye wòzu alɔmeɖenu. 27  Ðe Israel mezu alɔmeɖenu na wò oa?+Fiafiwo domee wolée lea? Hafi nèle ta ʋuʋum le nu ƒom tsi tsitre ɖe eŋua? 28  Mi Moab nɔlawo, migblẽ duawo ɖi miayi aɖanɔ agakpe dzi,Eye minɔ abe ahɔnɛ si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.’” 29  “Míese Moab ƒe dada ŋkɔ be, edoa eɖokui ɖe dzi ŋutɔ,Ewɔa eɖokui glodzoeglodzoe, edana, edzraa eɖokui, eye wòvua eƒe dzi gblotoo.”+ 30  “Yehowa be: ‘Menya eƒe dɔmedzoedodo,Gake eƒe numeɖiɖi la manɔ ɖeke me o. Wɔna aɖeke mele wo ŋu o. 31  ‘Esia tae mafa avi vevie ɖe Moab ŋu,Mafae ɖe Moab blibo la ŋu,Eye maɖe hũ ɖe Kir-Heres+ ŋutsuwo ŋu. 32  Oo Sibma+ ƒe wainka, mafa na wòWu ale si wofa na Yazer.+ Wò wainka siwo wɔ nyuie la to atsiaƒu dzi yi. Woɖo atsiaƒu nu, woɖo Yazer. Nutsrɔ̃lawo va dze+Wò dzomeŋɔlikutsetse kple wò waintsetse siwo nèxa la dzi. 33  Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu tso le atikutsetsebɔwo meKple Moab-nyigba dzi.+ Mena wain megale sisim le wainfiãnuwo me o. Ame aɖeke magafiã wain kple aseyetsotso azɔ o. Woƒe ɣlidodo maganye dzidzɔɣli o.’”+ 34  “‘Ɣli ɖi le Hesbon+ de keke Eleale ke.+ Woƒe gbe de keke Yahaz+ ke,Eɖi le Zoar de Horonayim+ eye wòɖo Eglat-Selisiya. Nimrim ƒe tɔʋuwo ke hã azu gbegbe.+ 35  Mana ame si tsɔa vɔsanu vaa nuxeƒeKple ame si saa vɔ na eƒe mawu la,Nu natso le Moab,’ Yehowa ye gblɔe. 36  ‘Esia tae nye dzi axa nu* ɖe Moab ŋu abe dzekuku*+ ene,Eye nye dzi axa nu* ɖe Kir-Heres ŋutsuwo ŋu abe dzekuku* ene. Elabena kesinɔnu si wokpɔ la atsrɔ̃. 37  Elabena tawo katã bebe,+Eye wofɔ gewo katã dzi. Wosi asiwo katã ŋu,+Eye wosa akpanya ɖe ali!’”+ 38  “‘Avifafa le ɖiɖimLe Moab ƒe xɔwo katã tameKple eƒe ablɔwo katã me. Elabena megbã MoabAbe ze manyomanyo ene,’ Yehowa ye gblɔe. 39  ‘Oo, aleke wodo ŋɔdzi nɛ ale! Mifa avi! Aleke Moab gbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe ale! Moab zu alɔmeɖenuKple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.’” 40  “Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa! Ale si hɔ̃ dea agba anyi va ƒoa nu la,+Nenemae wòakeke eƒe aʋalawo me ava dze Moab dzi.+ 41  Woaxɔ duawo,Eye woaxɔ eƒe mɔ́ sesẽawo. Le ŋkeke ma dzi la, Moab ƒe aʋawɔlawo ƒe dziAnɔ abe nyɔnu si le ku lém ƒe dzi ene.’” 42  “‘Woatsrɔ̃ Moab gbidigbidi, eye maganye dukɔ o,+Elabena etɔ asi akɔ ɖe Yehowa ŋu.+ 43  Oo Moab nɔla,Ŋɔdzi, ʋe kple mɔ̃ka le ŋgɔ na wò,’ Yehowa ye gblɔe. 44  ‘Ame si asi le ŋɔdzi nu la age adze ʋe me,Eye ame si ado le ʋea me la, mɔ̃ aɖee.’ ‘Elabena mana ƒe si me mahe to na Moab la naɖo,’ Yehowa ye gblɔe. 45  ‘Sisilawo va tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te wɔnamanɔŋutɔe. Elabena dzo ado tso Hesbon,Eye dzoƒaɖe atso Sihon.+ Afiã Moab ƒe ŋgonuKple ʋunyaʋunyaviwo ƒe tagowo.’+ 46  ‘Oo Moab, baba na wò! Kemos+ ƒe amewo nu yi. Elabena woɖe aboyo viwòŋutsuwoEye wokplɔ viwònyɔnuwo yi aboyo me.+ 47  Gake maƒo Moab ƒe aboyomeawo nu ƒu le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi,’ Yehowa ye gblɔe. ‘Esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Moab dzi ŋu nyawo seƒe.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dedienɔƒe.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “tonyigba gbadza.”
Agate ŋu afia, “nànɔ kuɖiɖinyigba dzi.”
Alo, “tonyigba gbadza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzo.”
Efia, konyifaha si woku kple dze le kuteƒe.
Alo, “nye dzi aʋuʋu.”
Efia, konyifaha si woku kple dze le kuteƒe.
Alo, “nye dzi aʋuʋu.”