Yeremiya 9:1-26

  • Yeremiya xa nu vevie (1-3a)

  • Yehowa bia akɔnta Yuda (3b-16)

  • Konyifafa ɖe Yuda ŋu (17-22)

  • Ƒo adegbe le Yehowa nyanya ta (23-26)

9  Oo, ne ɖe nye ta anye tsi,Eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo ɖe!+ Anye ne mafa avi zã kple keliLe nye dukɔ ƒe ame siwo wowu la ta!   Oo, ne ɖe mɔzɔlawo ƒe dzeƒe le asinye le gbegbe ɖe! Anye ne magblẽ nye dukɔ la ɖi adzo le wo gbɔ,Elabena ahasiwɔlawo+Kple alakpanuwɔlawo ƒe ha wo katã wonye.   Wovua woƒe aɖekawo me abe dati ene;Alakpadada xɔ anyigba la dzi keŋ, ke menye nuteƒewɔwɔ o.+ “Wotsoa nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ yia nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ,Eye wogbe toɖoɖom,”+ Yehowa ye gblɔe.   “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nekpɔ eɖokui dzi ɖe ehavi ŋu,Eye mègaɖo ŋu ɖe nɔviwò gɔ̃ hã ŋu o. Elabena nɔvi sia nɔvi nye amedeasila+Eye havi sia havi nye amegɔmezɔla.+   Wo dometɔ ɖe sia ɖe baa ehavi,Wo dometɔ aɖeke metoa nyateƒe o. Wotsɔ aʋatsokaka mla woƒe aɖe.+ Wowɔ nu vɔ̃ ʋuu wòte ɖeɖi wo ŋu.   Amebeble mee nèbɔbɔ nɔ. Wogbe sidzedzem le woƒe amebeble ta,” Yehowa ye gblɔe.   Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Malólo wo, eye mado wo akpɔ,+Elabena nu bubu kae magawɔ na nye dukɔ vinyɔnu la?   Woƒe aɖe nye aŋutrɔ wuame si blea ame. Ame tsɔa eƒe nu gblɔa ŋutifafanya na ehavi,Ke edea xa ɖi le dzi me.”   Yehowa be: “Ðe nyemabia akɔnta wo le nu siawo ta oa? Ðe nyemabia* hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?+ 10  Mafa avi, mafa konyi ɖe towo ta,Eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ta,Elabena wofiã, ale be ame aɖeke megatoa afi ma o,Eye womegasea lãhawo ƒe gbe o. Dziƒoxewo kple lãwo siaa si; woʋu dzo.+ 11  Mana Yerusalem nazu glikpo,+ agbotoewo nɔƒe,+Mana Yuda duwo nazu aƒedo, eye ame aɖeke manɔ wo me o.+ 12  Ame kae nye nunyala, ne wòase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa ke nu ƒo nu na, ne wòaɖe gbeƒãe? Nu ka tae anyigba la tsrɔ̃? Nu ka tae wòfiã zu gbegbeEye ame aɖeke megatoa edzi o?” 13  Yehowa ɖo eŋu be: “Elabena wogblẽ nye se* si metsɔ ɖo wo ŋkume la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o. 14  Ke boŋ wodze woƒe dzimesesẽ+ kple Baal ƒe legbawo yome, abe ale si wo fofowo fia wo ene.+ 15  Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu atsa, eye makpe tsi si me aɖi le na wo woano.+ 16  Maka wo ahlẽ ɖe dukɔ siwo woawo ŋutɔwo loo alo wo fofowo menya o la dome,+ eye maɖo yi ɖe wo yome, va se ɖe esime matsrɔ̃ wo keŋkeŋ.’+ 17  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi,‘Mise nu gɔme. Miyɔ nyɔnu konyifahadzilawo ɖa, ne woava;+Miɖo ame ɖe nyɔnu konyifala bibiwo hã, ne woava, 18  Ne woaɖe abla ava dzi konyifaha na mí,Ne míaƒe ŋkuwo nafa aɖatsi yoyoyo,Eye míaƒe aɖabawo naɖuɖu tsi.+ 19  Elabena wose konyifaɣli le Zion be:+ “Aleke wodo aƒedo mí ale! Aleke ŋukpe lé mí ale! Elabena míegblẽ anyigba la ɖi; eye wogbã míaƒe aƒewo ƒu anyi.”+ 20  Mi nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya. Eye eƒe numenya nege ɖe to me na mi. Mifia konyifaha sia mia vinyɔnuwo,Eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nefia konyifaha ehavi.+ 21  Elabena ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe eme;Ege ɖe míaƒe mɔ́ sesẽwo me,Ne wòatsrɔ̃ ɖeviwo ɖa le kpɔdomeewoKple ɖekakpuiwo ɖa le ablɔwo me.’+ 22  Gblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Amegbetɔwo ƒe kukuawo atsi anyi abe aɖu le agble me ene,Woanɔ abe nuku babla si le nuŋela megbe,Eye ame aɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene.”’”+ 23  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o;+Ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o;Eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnuwo ŋu o.”+ 24  “Ke boŋ ame si ƒoa adegbe la, neƒo adegbe be,Gɔmesese su ye si, eye yedze sim+ Be nyee nye Yehowa, Ame si nyoa dɔme, drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe hewɔa nu dzɔdzɔe le anyigba dzi;+Elabena nu siawoe dzea ŋunye,”+ Yehowa ye gblɔe. 25  Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, eye mabia akɔnta ame sia ame si wotso aʋa na gake wògakpɔtɔ nye aʋamatsomatsotɔ,+ 26  Egiptetɔwo,+ Yudatɔwo,+ Edomtɔwo,+ Amonitɔwo,+ Moabtɔwo+ kpakple logloƒlɔla siwo katã le gbegbe;+ elabena dukɔwo katã nye aʋamatsomatsotɔwo, eye Israel ƒe aƒe blibo la meɖe woƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa o.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye luʋɔ mabia.”
Alo, “mɔfiame.”