Yoel 1:1-20

  • Nudzodzoewo ƒe nugbegblẽ (1-14)

  • “Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe” (15-20)

    • Nyagblɔɖila la do gbe ɖa na Yehowa (19, 20)

1  Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Yoel,* Petuel vi:   “Mi ametsitsiwo, mise nya sia,Eye mi anyigbadzinɔlawo katã, miƒu to anyi. Ðe esia tɔgbi dzɔ le mia ŋɔliAlo le mia tɔgbuiwo ŋɔli kpɔa?+   Migblɔ eŋu nya na mia viwo,Eye mia viwo nagblɔe na wo viwo,Eye wo viwo hã nagblɔe na dzidzime si ava ɖe wo yome.   Nu si ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ƒe ha gã ɖui;+Nu si ʋetsuviwo ƒe ha gã kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui;Eye nu si abɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuvi gblẽnuwo ɖui.+   Mi ahamulawo, minyɔ,+ eye mifa avi! Mi wain tsu nolawo katã, mifa avi vevie,Elabena woɖe wain vivi le nu me na mi.+   Elabena dukɔ aɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye mele xexlẽ me o.+ Eƒe aɖuwo nye dzata ƒe aɖu,+ eye eƒe glãƒuwo le abe dzata tɔ ene.   Egblẽ nye wainka, eye wona nye gboti zu atitakpo,Ekuko tsro le eŋu keŋkeŋ hetutui ƒu anyi,Ena eƒe alɔwo fu ɣie.   Fa avi vevie abe ɖetugbui leaƒe* si ta akpanyaLe eƒe ŋugbetɔsrɔ̃* ta ene.   Nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le Yehowa ƒe aƒe la me;Nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa la le konyi fam. 10  Woha agblewo, eye anyigba le nu xam;+Elabena wogblẽ nukuwo, wain yeye no ƒiaƒiaƒia, ami hã nu tso.+ 11  Ŋukpe lé agbledelawo; waingbledelawo le avi fam vevieLe lu kple ƒo ta;Elabena nuŋeŋe nu tso le agble me. 12  Wainka ƒu,Eye gboti hã yrɔ. Yevuboɖati, deti kple atɔtɔŋutitiKpakple gbemetiwo katã ƒu;+Elabena aseyetsotso trɔ zu ŋukpe le dukɔ la me. 13  Mi nunɔlawo, mita akpanya, ne miafa konyi;*Mi vɔsamlekpui la ƒe subɔlawo, mifa avi sesĩe.+ Mi nye Mawu ƒe subɔlawo, miva, ne miatsi akpanya me adɔ;Elabena nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le mia Mawu ƒe aƒe la me. 14  Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ;* miyɔ takpekpe tɔxɛ.+ Miƒo ametsitsiwo kple anyigba la dzi nɔlawo katã nu ƒuÐe Yehowa mia Mawu la ƒe aƒe me,+ ne miafa avi na Yehowa be wòaxɔ na mi. 15  Aléle, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe,+Gbegblẽ wònye tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna. 16  Ðe womena nuɖuɖu nu tso le mía ŋkume oa,Ðe wometsi dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu le mía Mawu ƒe aƒe me oa? 17  Nukuwo* lé akpɔ̃ le woƒe sofiwo te. Nudzraɖoƒewo ɖi gbɔlo. Womu avawo, elabena nukuwo fiã. 18  Aƒemelãwo gɔ̃ hã le xɔxlɔ̃m! Nyihawo le tsaglãla tsam, elabena gbeɖuƒe aɖeke meli na wo o! Fɔɖiɖi la ŋuti tohehe va alẽhawo dzi. 19  Oo Yehowa, wòe mayɔ;+Elabena dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi,Eye dzoƒaɖe fiã gbemetiwo katã. 20  Gbemelãwo gɔ̃ hã le asiwònu kpɔm,Elabena tɔʋuwo mie keŋEye dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Yehowae Nye Mawu.”
Alo, “ɖetugbui.”
Alo, “Le srɔ̃a.”
Alo, “ne miaƒo akɔta.”
Alo, “Mikɔ nutsitsidɔ ŋu.”
Agate ŋu afia, “Gbotsetse ƒuƒuwo.”