Yona 4:1-11

  • Dzi ku Yona eye wòdi be yeaku (1-3)

  • Yehowa fia nublanuikpɔkpɔ Yona (4-11)

    • “Ðe wòsɔ be nàdo dɔmedzoe nenema gbegbea?” (4)

    • Yehowa tsɔ goeka fia nu Yona (6-10)

4  Ke esia medzɔ dzi na Yona kura o, ale dzi kui vevie.  Eya ta edo gbe ɖa na Yehowa be: “Oo Yehowa, esia ŋu pɛ mebu esime menɔ mía de! Esia tae medo ŋgɔ si yina Tarsis+ ɖo; elabena menyae be Mawu veveseɖeamenula kple nublanuikpɔla nènye, mèdoa dziku kabakaba o, eye wò lɔlɔ̃ si nu metsina o sɔ gbɔ,+ eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.  Eya ta Oo Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe* ɖa, elabena ne meku la, enyo wu be manɔ agbe.”+  Eye Yehowa biae be: “Ðe wòsɔ be nàdo dɔmedzoe nenema gbegbea?”  Eye Yona do le dua me yi ɖabɔbɔ nɔ dua ƒe ɣedzeƒe gome. Etu agbadɔ ɖe afi ma be yeanɔ eƒe vɔvɔli te ahakpɔ nu si ava dzɔ ɖe dua dzi la ɖa.+  Eye Yehowa Mawu dɔ goeka* aɖe be wòamie ado vɔvɔli ɖe Yona dzi, ne wòana gbɔdzɔe tso eƒe xaxa la me. Eye Yona kpɔ dzidzɔ ɖe goeka la ŋu ŋutɔ.  Ke esi ŋu ke, eye agu dze la, Mawu vavã la dɔ ŋɔ aɖe wòva ɖu goeka la, eye wòyrɔ.  Esi ɣe dze la, Mawu dɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Eye wòbia be yeaku* nɔ gbɔgblɔm be, “Ne meku la, enyo wu be manɔ agbe.”+  Eye Mawu bia Yona be: “Ðe wòsɔ be nàdo dɔmedzoe nenema gbegbe le goeka la taa?”+ Eɖo eŋu be: “Esɔ be mado dɔmedzoe, dɔme le veyem ale gbegbe be medi be maku.” 10  Ke Yehowa gblɔ be: “Wò la, goeka si ŋu mèwɔ naneke le o, mèkpɔ edzi wòtsi o, emie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe nu le vewòm. 11  Ðe Niniwe, du gã+ si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blaeve, eye womenya nyui kple vɔ̃ o,* hekpe ɖe lã geɖewo ŋu, la ƒe nu mavem oa?”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”
Agate ŋu afia, “dzoŋgbalẽ.”
Alo, “yeƒe luʋɔ naku.”
Alo, “ɖusi tso mia gbɔ o.”