Yosua 15:1-63

  • Yuda ƒe domenyinu (1-12)

  • Kaleb vinyɔnu bia anyigba (13-19)

  • Yuda duwo (20-63)

15  Anyigba si wona*+ Yuda-to la ɖe woƒe ƒomeawo nu la de keke Edom+ ƒe liƒo dzi ke le Zin gbedzi va ɖo Negeb le eƒe nuwuƒe si le anyiehekpa dzi.  Woƒe anyieheliƒo tso Dzeƒu*+ la ƒe mlɔenu, tso adɔ̃ si dze ŋgɔ anyiehe gome la gbɔ.  Eye wòɖo ta anyiehe gome yi Akrabim-todzimɔ+ la gbɔ hemlo yi Zin, eye wòtso anyiehe yi Kades-Barnea+ hegamlo yi Hezron kple Adar, eye wògɔdɔ̃ ɖo ta Karka.  Eto Azmon+ va do ɖe Egipte-tɔʋu*+ la me, eye liƒoa va wu nu ɖe ƒu* la nu. Esiae nye woƒe anyieheliƒo.  Ɣedzeƒeliƒo lae nye Dzeƒu* la va se ɖe Yordan ƒe mlɔenu, eye liƒo si le dzogoe si le dziehe la, le ƒu la ƒe adɔ̃ nu, le Yordan ƒe mlɔenu.+  Liƒo la tso afi ma va ɖo Bet-Hogla,+ eye wòmlo to Bet-Araba+ ƒe dziehe, azɔ liƒo la gayi ŋgɔ ɖado ɖe Ruben vi Bohan+ ƒe kpe la gbɔ.  Liƒo la tso afi ma va ɖo Debir le Akor Bali+ me, eye wòtrɔ to dziehe gome ɖo ta Gilgal,+ si le Adumim-todzimɔ ŋgɔ, le tɔʋu la ƒe anyiehe; eye liƒo la va to En-Semes-tɔ+ la ŋu, eye wòva wu nu ɖe En-Rogel.+  Eye liƒo la to Hinom Vi Ƒe Bali+ la me va to Yebusitɔwo+ ƒe to la ŋu le anyiehe, si nye Yerusalem;+ eye wòto to, si dze ŋgɔ Hinom Balia le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim Bali la ƒe seƒe le eƒe dziehe.  Eye liƒo la to toa tame va ɖo Neftoa-tsidzɔƒea+ gbɔ, eye wòyi ɖado ɖe du siwo le Efron To dzi la gbɔ yi ɖado ɖe Baala, si nye Kiriat-Yearim.+ 10  Liƒo la gɔdɔ̃ tso Baala le ɣetoɖoƒe gome ɖo ta Seir To la gbɔ, eye wòmlo to Yearim To la ŋu le dziehe, si nye Kesalon, eye wòɖiɖi va Bet-Semes+ hemlo ɖo ta Timna.+ 11  Eye liƒo la va do ɖe Ekron+ To la ŋu le dziehe, eye wòva to Sikeron hemlo yi Baala To la gbɔ heva do ɖe Yabneel, eye liƒoa va wu nu ɖe ƒu la nu. 12  Ɣetoɖoƒeliƒo la nye Ƒu Gã*+ la kple eƒe ƒuta. Esiae nye Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe liƒo la godoo va kpe le woƒe ƒomewo nu. 13  Eye Yosua na anyigba Kaleb,+ Yefune vi la, ɖe Yuda ƒe dzidzimeviwo dome le se si Yehowa de nɛ la nu, eye anyigba lae nye Kiriat-Arba si woyɔna be Hebron (Arba siae nye Anak fofo).+ 14  Eya ta Kaleb nya Anak+ viŋutsu etɔ̃ siwo nye Sesai, Ahiman kple Talmai,+ siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo la ɖa le afi ma. 15  Eye wòho tso afi ma yi ɖawɔ aʋa kple Debirtɔwo.+ (Tsã la woyɔa Debir be Kiriat-Sefer.) 16  Eye Kaleb gblɔ be: “Ame si asi Kiriat-Sefer, eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Aksa nɛ wòaɖe.” 17  Eye Otniel,+ Kaleb nɔvi Kenaz+ ƒe vi, xɔ dua. Ale wòtsɔ vianyɔnu Aksa+ nɛ wòɖe. 18  Eye esi nyɔnua kple srɔ̃a yina aƒe me la, nyɔnua ƒoe ɖe srɔ̃a nu be yeabia agble ye fofo. Eye nyɔnu la ɖi le eƒe tedzi dzi.* Eye Kaleb biae be: “Nu ka dim nèle?”+ 19  Eɖo eŋu nɛ be: “Meɖe kuku yram, elabena èna anyigbam le anyiehe;* tsɔ Gulot-Mayim* hã nam.” Ale wòtsɔ Dzigbe Gulot kple Anyigbe Gulot nɛ. 20  Esiae nye Yuda-to la ƒe domenyinu le woƒe ƒomewo nu. 21  Du siwo le Yuda-to la ƒe mlɔenu le Edom+ ƒe liƒo dzi le anyiehe la woe nye Kabzeel, Eder, Yagur, 22  Kina, Dimona, Adada, 23  Kedes, Hazor, Yitnan, 24  Zif, Telem, Bealot, 25  Hazor-Hadata, Keriot-Hezron, si nye Hazor, 26  Amam, Sema, Molada,+ 27  Hazar-Gada, Hesmon, Bet-Pelet,+ 28  Hazar-Sual, Beer-Seba,+ Biziotiya, 29  Baala, Iyim, Ezem, 30  Eltolad, Kesil, Horma,+ 31  Ziklag,+ Madmana, Sansana, 32  Lebaot, Silhim, Ayin kple Rimon+—wo katã le du blaeve vɔ asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 33  Du siwo le Sefela+ woe nye: Estaol, Zora,+ Asna, 34  Zanoa, En-Ganim, Tapua, Enam, 35  Yarmut, Adulam,+ Soko, Azeka,+ 36  Saarayim,+ Aditayim, Gedera kple Gederotayim*—wole du wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 37  Zenan, Hadasa, Migdal-Gad, 38  Dilean, Mizpe, Yokteel, 39  Lakis,+ Bozkat, Eglon, 40  Kabon, Lahmam, Kitlis, 41  Gederot, Bet-Dagon, Naama kple Makeda:+ wole du wuiade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 42  Libna,+ Eter, Asan,+ 43  Yifta, Asna, Nezib, 44  Keila, Akzib kple Maresa: wole du asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 45  Ekron kple eŋu duwo kple kɔƒewo; 46  tso Ekron ɖo ta ɣetoɖoƒe gome, teƒe siwo katã le Asdod ŋu kple woƒe kɔƒewo. 47  Asdod,+ eŋu duwo kple kɔƒewo; Gaza,+ eŋu duwo kple kɔƒewo va ɖo Egipte-tɔʋu la gbɔ, kple Ƒu Gã* la kple eƒe nutoa.+ 48  Du siwo le tonuto la me woe nye Samir, Yatir,+ Soko, 49  Dana, Kiriat-Sana, si nye Debir, 50  Anab, Estemo,+ Anim, 51  Gosen,+ Holon kple Gilo+—wole du wuiɖekɛ hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 52  Arab, Duma, Esan, 53  Yanim, Bet-Tapua, Afeka, 54  Humta, Kiriat-Arba, si nye Hebron,+ kple Zior: wole du asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 55  Maon,+ Karmel, Zif,+ Yuta, 56  Yezreel, Yokdeam, Zanoa, 57  Kain, Gibea kple Timna+—wole du ewo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 58  Halhul, Bet-Zur, Gedor, 59  Maarat, Bet-Anot kple Eltekon—wole du ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 60  Kiriat-Baal, si nye Kiriat-Yearim,+ kple Raba—wole du eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 61  Du siwo le gbedzi la woe nye: Bet-Araba,+ Midin, Sekaka, 62  Nibsan, Dzedu la kple En-Gedi+—wole du ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 63  Ke Yuda ŋutsuwo mete ŋu nya Yebusitɔ+ siwo le Yerusalem+ la ɖa o;+ eye Yebusitɔwo kpɔtɔ le Yuda viwo dome le Yerusalem va se ɖe egbe.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzi wodzidze nu ɖo na.”
Alo “Ƒukuku.”
Efia, Ƒu Gã la, si nye Domeƒu.
Efia, Ƒukuku.
Efia, Domeƒu.
Agate ŋu afia, “nyɔnu la ƒo asikpe esime wònɔ tedzi la dzi.”
Alo, “Negeb.”
Egɔmee nye, “Tsiʋewo.”
Agate ŋu afia, “Gedera kple eƒe alẽkpowo.”
Efia, Domeƒu.