Yosua 16:1-10

  • Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe domenyinu (1-4)

  • Efrayim ƒe dzidzimeviwo ƒe domenyinu (5-10)

16  Anyigba si wona*+ Yosef+ ƒe dzidzimeviwo la tso Yordan nu le Yeriko yi ɖe Yeriko-tɔ la nu le ɣedzeƒe, eye wòva to gbegbe si le Yeriko ŋgɔ heyi Betel+ tonuto la me.  Etso Betel si le Luz, eye wòmlo to Atarot, si nye Arkitɔwo ƒe liƒo la ŋu,  eye wòɖiɖi to ɣetoɖoƒe gome yi Yaflettɔwo ƒe liƒo dzi va se ɖe keke Anyigbe Bet-Horon+ kple Gezer+ ƒe liƒo dzi ke, eye wòva wu nu ɖe ƒu la nu.  Ale Yosef ƒe dzidzimevi+ siwo nye Manase kple Efrayim xɔ woƒe anyigba.+  Efrayim ƒe dzidzimeviwo ƒe liƒo lae nye esi le woƒe ƒomewo nu: Woƒe anyigba ƒe liƒo le ɣedzeƒe gomee nye Atarot-Adar+ va se ɖe keke Dzigbe Bet-Horon+ ke,  eye liƒo la tso afi ma yi ƒu la nu. Mikmetat+ le eƒe dziehe, eye liƒo la gɔdɔ̃ to ɣedzeƒe gome yi Taanat-Silo heto ɣedzeƒe gome yi Yanoa.  Eɖiɖi tso Yanoa va to Atarot kple Naara, yi Yeriko+ heva do ɖe Yordan nu.  Liƒo la tso Tapua+ le ɣetoɖoƒe gome va ɖo Kana-tɔʋu la me, eye wòva wu nu ɖe ƒu la nu.+ Esiae nye Efrayim-to la ƒe domenyinu le woƒe ƒomewo nu;  hekpe ɖe du aɖewo kple wo ŋu kɔƒe siwo wotsɔ na Efrayim ƒe dzidzimeviwo le Manase+ viwo ƒe domenyinu dome la ŋu. 10  Gake womenya Kanaantɔ siwo le Gezer+ la ɖa o, eye Kanaantɔwo le Efrayim va se ɖe egbe sia,+ eye wona wozu dzizizidɔwɔlawo na wo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzi wodzidze nu ɖo na.”