Yosua 17:1-18

  • Manase-to la ƒe domenyinu le ɣetoɖoƒekpa dzi (1-13)

  • Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba bubuwo (14-18)

17  Eye wona+ anyigba Manase-to+ la, elabena eyae nye Yosef ƒe ŋgɔgbevi.+ Esi wònye aʋamee Makir,+ Manase ƒe ŋgɔgbevi, ame si nye Gilead fofo, nye ta la, wotsɔ Gilead kple Basan+ nɛ.  Eye wona anyigba Manase ƒe dzidzimevi siwo kpɔtɔ la le woƒe ƒomewo nu, woawoe nye Abi-Ezer+ viwo, Helek viwo, Asriel viwo, Sekem viwo, Hefer viwo kple Semida viwo. Esiawoe nye Yosef vi Manase ƒe dzidzimeviwo, woƒe ŋutsuwo le woƒe ƒomewo nu.+  Ke Zelofehad,+ Hefer vi, si nye Gilead vi, Makir vi, Manase vi medzi ŋutsuvi aɖeke o, negbe nyɔnuviwo ko, eye vianyɔnuawo ŋkɔwoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.  Eya ta wova nunɔla Eleazar+ kple Yosua, Nun vi la, kpakple tatɔwo ŋkume, gblɔ be: “Yehowa de se na Mose be wòana domenyinu mí ɖe mía nɔviŋutsuwo dome.”+ Eya ta ena domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo dome abe ale si Yehowa de see ene.+  Manase xɔ akpa ewo hekpe ɖe Gilead-nyigba kple Basan-nyigba, si le Yordan ƒe go kemɛ* dzi la ŋu,+  elabena Manase vinyɔnuwo hã xɔ domenyinu kpe ɖe viaŋutsuwo ŋu, eye Gilead-nyigba la zu Manase viŋutsu siwo susɔ la tɔ.  Manase ƒe liƒo la tso Aser yi Mikmetat,+ si dze ŋgɔ Sekem,+ eye liƒo la tso afi ma yi anyiehe* va ɖo En-Tapuatɔwo ƒe anyigba dzi.  Tapua-nyigba+ la zu Manase tɔ, gake Tapua-du si le Manase ƒe liƒo dzi la nye Efrayim viwo tɔ.  Eye liƒo la ɖiɖi yi Kana-tɔʋu la me le tɔʋua ƒe anyiehe. Efrayim ƒe du aɖewo le Manase+ ƒe duwo dome, eye Manase ƒe liƒo la le tɔʋua ƒe dziehe, eye wòva wu nu ɖe ƒua nu.+ 10  Anyiehe gome nye Efrayim tɔ, eye dziehe gome nye Manase tɔ, ƒu lae nye liƒo nɛ,+ Manase do liƒo kple Aser le dziehe, eye wodo* liƒo kple Isakar le ɣedzeƒe. 11  Le Isakar kple Aser ƒe anyigbawo dzi la, wona du aɖewo Manase, woawoe nye Bet-Sean kple eŋu duwo, Yibleam+ kple eŋu duwo, Dortɔwo+ kple woƒe duwo, En-Dortɔwo+ kple woƒe duwo, Taanaktɔwo+ kple woƒe duwo, kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo; eye woawoe nye togbɛnuto etɔ̃awo. 12  Gake Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu xɔ du siawo o; Kanaantɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi kpiŋ.+ 13  Gake esi ŋusẽ va ɖo Israel-viwo ŋu la, wozi Kanaantɔwo dzi wowɔ dɔ sesẽ,+ negbe ɖeko womenya wo ɖa* keŋkeŋ o.+ 14  Yosef ƒe dzidzimeviwo bia Yosua be: “Nu ka ta nèna anyigba dzidze ɖeka ko mí*+ be wòanye míaƒe domenyinu? Evɔ míesɔ gbɔ, eye Yehowa yra mí va se ɖe fifia.”+ 15  Yosua ɖo eŋu na wo be: “Ne miesɔ gbɔ nenema gbegbe la, ekema miyi Perizitɔwo+ kple Refaimtɔwo+ ƒe anyigba dzi, eye miƒo aveawo ɖa le afi ma ne woazu mia tɔ, le esi Efrayim tonuto+ la xaxa na mi akpa ta.” 16  Eye Yosef ƒe dzidzimeviwo gblɔ be: “Tonuto la mede mía nu o, gake aʋatasiaɖam+ siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le* la le Kanaantɔ siwo katã le balia me la si; wole ame siwo le Bet-Sean+ kple eŋu duwo me kple ame siwo le Yezreel Bali+ me la siaa si.” 17  Eya ta Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe la, si nye Efrayim kple Manase be: “Miesɔ gbɔ, eye ŋusẽ geɖe le mia ŋu. Menye anyigba dzidze ɖeka koe wòle be miaxɔ o,+ 18  ke boŋ tonuto la hã azu mia tɔ.+ Togbɔ be enye ave hã la, miaƒoe eye wòazu miaƒe anyigba la ƒe nuwuƒe. Elabena ele be mianya Kanaantɔwo ɖa, togbɔ be aʋatasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le* la le wo si, eye wosesẽ hã.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, ɣedzeƒe gome.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖusime.”
Efia, Manase-to alo Manase ƒe anyigba.
Alo, “womexɔ woƒe anyigba.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖeka kom.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gatasiaɖamwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gatasiaɖamwo.”