Yosua 19:1-51

  • Simeon viwo ƒe domenyinu (1-9)

  • Zebulon viwo ƒe domenyinu (10-16)

  • Isakar viwo ƒe domenyinu (17-23)

  • Aser viwo ƒe domenyinu (24-31)

  • Naftali viwo ƒe domenyinu (32-39)

  • Dan viwo ƒe domenyinu (40-48)

  • Yosua ƒe domenyinu (49-51)

19  Azɔ nudzidze+ evelia dze Simeon dzi, eye Simeon-to+ la xɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu. Eye woƒe domenyinu si woxɔ la le Yuda viwo tɔ me.+  Woƒe domenyinu la nye Beer-Seba,+ Seba, Molada,+  Hazar-Sual,+ Bala, Ezem,+  Eltolad,+ Betul, Horma,  Ziklag,+ Bet-Markabot, Hazar-Susa,  Bet-Lebaot+ kple Saruhen—wole du wuietɔ̃ hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu;  Ayin, Rimon, Eter kple Asan+—wole du ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu;  kple kɔƒe siwo katã le du siawo ŋu godoo va kpe va se ɖe keke Baalat-Beer, si wogayɔna be anyiehe Rama la ke. Esiae nye Simeon-to la ƒe domenyinu le woƒe ƒomewo nu.  Yuda ƒe anyigba la mee wona teƒe Simeon ƒe dzidzimeviwo ɖo wònye woƒe domenyinu, elabena Yuda-to la ƒe gome lolo na wo akpa. Eya ta Simeon ƒe dzidzimeviwo xɔ wo tɔ ɖe Yuda viwo ƒe domenyinu la me.+ 10  Azɔ nudzidze+ etɔ̃lia dze Zebulon+ dzi, eye woxɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu, eye woƒe domenyinu la ƒe liƒo va ɖo keke Sarid ke. 11  Eye woƒe liƒo la yi ɖato ɣetoɖoƒe gome yi Mareal va ɖo Dabeset, eye wòva do ɖe bali* si le Yokneam ŋgɔ la me. 12  Etso Sarid le ɣedzeƒe gome yi Kislot-Tabor ƒe liƒo dzi, eye wòva do ɖe Daberat+ heyi Yafia. 13  Eye wòtso afi ma to ɣedzeƒe gome yi Gat-Hefer+ kple Et-Kazin, eye wòva ɖo Rimon heyi ɖado ɖe Nea. 14  Liƒo la gɔdɔ̃ le dziehe yi Hanaton, eye wòva wu nu ɖe Yifta-El Bali la me, 15  kpakple Katat, Nahalal, Simron,+ Yidala kple Betlehem+—woƒe duawo katã le wuieve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 16  Esiae nye Zebulon ƒe dzidzimeviwo ƒe domenyinu, woƒe duwo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu le woƒe ƒomewo nu.+ 17  Azɔ nudzidze+ enelia dze Isakar+ dzi, eye Isakar ƒe dzidzimeviwo xɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu. 18  Woƒe liƒo la to Yezreel,+ Kesulot, Sunem,+ 19  Hafarayim, Sion, Anaharat, 20  Rabit, Kision, Ebez, 21  Remet, En-Ganim,+ En-Hada kple Bet-Pazez. 22  Liƒo la va ɖo Tabor,+ Sahazuma kple Bet-Semes, eye woƒe liƒo la va wu nu ɖe Yordan nu—wole du wuiade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 23  Esiae nye Isakar-to la ƒe domenyinu, woƒe duwo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu le woƒe ƒomewo nu.+ 24  Azɔ nudzidze+ atɔ̃lia dze Aser-to+ la dzi, eye woxɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu. 25  Woƒe liƒo la to Helkat,+ Hali, Beten, Aksaf, 26  Alamelek, Amad kple Misal. Eye wòva ɖo Karmel+ kple Sihor-Libnat le ɣetoɖoƒe gome, 27  etrɔ ɖo ta ɣedzeƒe yi Bet-Dagon, eye wòva do ɖe Zebulon kple Yifta-El Bali la ƒe dziehe, yi Bet-Emek kple Neiel, eye wòva do ɖe Kabul ƒe miame, 28  va to Ebron, Rehob, Hamon kple Kana va se ɖe keke Sidon+ Gã la ke. 29  Liƒo la trɔ to Rama va ɖo keke Tiro+ du sesẽ la gbɔ ke. Eye liƒo la trɔ ɖo ta Hosa, eva wu nu ɖe ƒutanuto me afi si Akzib, 30  Uma, Afek+ kple Rehob+ le—wole du blaeve vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 31  Esiae nye Aser-to la ƒe domenyinu, woƒe duwo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu le woƒe ƒomewo nu.+ 32  Nudzidze+ adelia dze Naftali ƒe dzidzimeviwo dzi, eye Naftali ƒe dzidzimeviwo xɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu. 33  Woƒe liƒo la tso Helef, tso ati gã si le Zaananim+ gbɔ, heto Adami-Nekeb, Yabneel va se ɖe keke Lakum ke, eye wòva wu nu ɖe Yordan nu. 34  Liƒo la trɔ le ɣetoɖoƒe gome yi Aznot-Tabor, etso afi ma va do ɖe Hukok heyi Zebulon le anyiehe, eye wòyi Aser le ɣetoɖoƒe ɖado ɖe Yuda* le Yordan nu le ɣedzeƒe gome. 35  Woƒe du sesẽwoe nye Zidim, Zer, Hamat,+ Rakat, Kineret, 36  Adama, Rama, Hazor,+ 37  Kedes,+ Edrei, En-Hazor, 38  Yiron, Migdal-El, Horem, Bet-Anat kple Bet-Semes+—wole du wuiasieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 39  Esiae nye Naftali-to la ƒe domenyinu, woƒe duwo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu le woƒe ƒomewo nu.+ 40  Azɔ nudzidze+ adrelia dze Dan-to+ la dzi, eye woxɔ woƒe gome le woƒe ƒomewo nu. 41  Eye woƒe domenyinu la ƒe liƒo to Zora,+ Estaol, Ir-Semes, 42  Saalabin,+ Aiyalon,+ Yitla, 43  Elon, Timna,+ Ekron,+ 44  Elteke, Gibeton,+ Baalat, 45  Yehud, Bene-Berak, Gat-Rimon,+ 46  Me-Yarkon kple Rakon, eye liƒo la to Yopa+ ŋgɔ. 47  Ke Dan ƒe anyigba la xaxa na wo akpa.+ Eya ta woyi ɖawɔ aʋa kple Lesem,+ eye wowu wo kple yi hexɔ du la. Woxɔe wòzu wo tɔ henɔ afi ma, eye wotrɔ ŋkɔ na Lesem dua be Dan, si nye wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ.+ 48  Esiae nye Dan-to la ƒe domenyinu, woƒe duwo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu le woƒe ƒomewo nu. 49  Ale woma anyigba la vɔ keŋ wòzu woƒe domenyinu. Eye Israel-viwo na domenyinu Yosua, Nun vi la, ɖe wo dome. 50  Wotsɔ du si nye Timna-Sera+ si wòbia la nɛ le Efrayim tonuto la me abe ale si Yehowa de see ene; egbugbɔ du la tso henɔ eme. 51  Esiawoe nye domenyinu siwo dzi nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu dzidze nu ɖo hema+ be woaxɔ le Silo+ le Yehowa ŋkume, le takpegbadɔ la ƒe mɔnu.+ Ale wowu anyigba la mama nu.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “tɔʋu.”
Manye Yuda to lae wowɔnɛ le afi sia o, ke boŋ ŋutsu aɖe si tso Yuda ƒomea me ƒe anyigba ye.