Yosua 21:1-45

  • Lewi viwo ƒe duwo (1-42)

    • Aron viwo ƒe duwo (9-19)

    • Kohat vi mamlɛawo ƒe duwo (20-26)

    • Gerson viwo ƒe duwo (27-33)

    • Merari viwo ƒe duwo (34-40)

  • Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi (43-45)

21  Azɔ Lewi viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu va nunɔla Eleazar+ kple Yosua, Nun vi la, kpakple Israel-toawo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la gbɔ,  eye wogblɔ na wo le Silo+ le Kanaan-nyigba dzi be: “Yehowa de se to Mose dzi be woatsɔ du aɖewo ana mí míanɔ wo me hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu na míaƒe lãwo.”+  Eya ta Israel-viwo tsɔ duawo+ kple wo ŋu lãnyiƒewo na Lewi viwo tso woƒe domenyinu+ me le Yehowa ƒe sedede la nu.  Azɔ nudzidze la dze Kohat viwo+ ƒe ƒomewo dzi, eye wotsɔ du wuietɔ̃ na nunɔla Aron vi siwo nye Lewi viwo la tso Yuda-to,+ Simeon-to+ kple Benyamin-to+ la me le nudzidze la nu.  Wotsɔ* du ewo na Kohat vi mamlɛawo tso Efrayim-to,+ Dan-to, kple Manase-to afã+ la ƒe ƒomeawo me.  Wotsɔ du wuietɔ̃ na Gerson viwo+ tso Isakar-to, Aser-to, Naftali-to, kple Manase-to afã si le Basan+ la ƒe ƒomeawo me.  Wotsɔ du wuieve na Merari viwo+ le woƒe ƒomewo nu tso Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to+ la me.  Ale Israel-viwo dzidze nu tsɔ du siawo kple wo ŋu lãnyiƒewo na Lewi viwo, abe ale si tututu Yehowa de se to Mose dzi ene.+  Eya ta woɖe du siwo gbɔna la tso Yuda-to kple Simeon-to la me,+ 10  eye wotsɔ wo na Aron viwo, ame siwo tso Kohat-ƒomeawo me le Lewi viwo dome la, elabena woawo dzie nudzidze la dze gbã. 11  Wotsɔ Kiriat-Arba+ (Arba ye nye Anak fofo) si nye Hebron+ na wo le Yuda tonuto la me, kple eŋu lãnyiƒewo. 12  Ke wotsɔ agbledenyigba si le du la ŋu kple eƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi wòzu etɔ.+ 13  Eye du si wotsɔ na nunɔla Aron viwoe nye: Hebron,+ si nye sitsoƒedu na amewula+ kple eŋu lãnyiƒe, Libna+ kple eŋu lãnyiƒe, 14  Yatir+ kple eŋu lãnyiƒe, Estemoa+ kple eŋu lãnyiƒe, 15  Holon+ kple eŋu lãnyiƒe, Debir+ kple eŋu lãnyiƒe, 16  Ayin+ kple eŋu lãnyiƒe, Yuta+ kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Bet-Semes kple eŋu lãnyiƒe—wole du asieke tso to eve siawo me. 17  Le Benyamin-toa me la, woxɔ Gibeon+ kple eŋu lãnyiƒe, Geba kple eŋu lãnyiƒe,+ 18  Anatot+ kple eŋu lãnyiƒe, Almon kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 19  Eye du siwo katã wotsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo le du wuietɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒewo.+ 20  Le Kohat viwo ƒe ƒome mamlɛa, siwo hã nye Lewi viwo gome la, wodzidze nu tsɔ duwo na wo tso Efrayim-to la me. 21  Ale wotsɔ Sekem+ si nye sitsoƒedu na amewula+ kple eŋu lãnyiƒe na wo le Efrayim tonuto la me, Gezer+ kple eŋu lãnyiƒe, 22  Kibzaim kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Bet-Horon+ kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 23  Le Dan-toa me la, woxɔ Elteke kple eŋu lãnyiƒe, Gibeton kple eŋu lãnyiƒe, 24  Aiyalon+ kple eŋu lãnyiƒe, Gat-Rimon kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 25  Le Manase-to afã la me la, woxɔ Taanak+ kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Gat-Rimon kple eŋu lãnyiƒe—wole du eve. 26  Duawo katã kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na Kohat viwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du ewo. 27  Du siwo Gerson viwo,+ ame siwo tso Lewi viwo ƒe ƒomeawo me, xɔ tso Manase-to afã la mee nye: Golan+ le Basan si nye sitsoƒedu na amewula kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Beestera kple eŋu lãnyiƒe—wole du eve. 28  Le Isakar-toa+ me la, woxɔ Kision kple eŋu lãnyiƒe, Daberat+ kple eŋu lãnyiƒe, 29  Yarmut kple eŋu lãnyiƒe, kpakple En-Ganim kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 30  Le Aser-toa+ me la, woxɔ Misal kple eŋu lãnyiƒe, Abdon kple eŋu lãnyiƒe, 31  Helkat+ kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Rehob+ kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 32  Le Naftali-toa me la, woxɔ Kedes+ le Galilea si nye sitsoƒedu+ na amewula kple eŋu lãnyiƒe, Hamot-Dor kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Kartan kple eŋu lãnyiƒe—wole du etɔ̃. 33  Gerson viwo ƒe duwo katã le woƒe ƒomewo nu le du wuietɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒewo. 34  Le Zebulon-toa+ me la, Merari viwo+ ƒe ƒomewo, ame siwo nye Lewi vi mamlɛawo, xɔ Yokneam+ kple eŋu lãnyiƒe, Karta kple eŋu lãnyiƒe, 35  Dimna kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Nahalal+ kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 36  Le Ruben-toa me la, woxɔ Bezer+ kple eŋu lãnyiƒe, Yahaz kple eŋu lãnyiƒe,+ 37  Kedemot kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Mefaat kple eŋu lãnyiƒe—wole du ene. 38  Le Gad-toa+ me la, woxɔ Ramot le Gilead+ si nye sitsoƒedu na amewula kple eŋu lãnyiƒe, Mahanayim+ kple eŋu lãnyiƒe, 39  Hesbon+ kple eŋu lãnyiƒe, kpakple Yazer+ kple eŋu lãnyiƒe—wo katã le du ene. 40  Du siwo katã wotsɔ na Merari-ƒomeawo, siwo nye Lewi viwo ƒe ƒome mamlɛawo la, le du wuieve. 41  Lewi viwo ƒe du siwo katã le Israel-viwo ƒe anyigba dzi la le du blaene vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo.+ 42  Lãnyiƒe le du siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; aleae du siawo dometɔ ɖe sia ɖe le. 43  Ale Yehowa tsɔ anyigba blibo la katã na Israel abe ale si wòka atam na wo tɔgbuiwo+ ene, eye woxɔe henɔ edzi.+ 44  Eye Yehowa na gbɔdzɔe wo godoo va kpe, abe ale si wòka atam na wo tɔgbuiwo+ ene, eye woƒe futɔwo katã dometɔ ɖeka pɛ hã mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o.+ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.+ 45  Ŋugbe* nyui siwo katã Yehowa do na Israel ƒe aƒe la dometɔ ɖeka hɔ̃ hã medo kpo emevava o; wo katã va eme.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Wodzidze nu tsɔ.”
Alo, “Nya.”