Yosua 3:1-17

  • Israel-viwo tso Yordan (1-17)

3  Yosua fɔ ŋdi kanya, eye eya kple Israel-viwo katã woho tso Sitim+ heva Yordan nu. Wotsi afi ma dɔ hafi tso tɔ la.  Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, dzikpɔlawo+ tsa le asaɖa la me,  eye wode se na dukɔ la be: “Ne mienya kpɔ nunɔla Lewi viwo+ wokɔ Yehowa mia Mawu ƒe nubablaɖaka la ko la, ekema miaho le mia nɔƒewo adze eyome.  Gake mina mia kplii dome nadidi abe abɔklugui akpe eve* ene; migate ɖe eŋu wu ema o, be mianya mɔ si miato, elabena miezɔ mɔ sia kpɔ o.”  Azɔ Yosua gblɔ na dukɔ la be: “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu,+ elabena etsɔ la, Yehowa le nukunuwo wɔ ge le mia dome.”+  Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo be: “Mikɔ nubablaɖaka+ la dze dukɔ la ŋgɔ.” Ale wokɔ nubablaɖaka la, eye wodze dukɔ la ŋgɔ.  Eye Yehowa gblɔ na Yosua be: “Madze egɔme egbea ado gã wò le Israel blibo la katã ŋkume,+ ne woadze sii be, ale si tututu menɔ kple Mose+ la, nenemae manɔ kpli wò hã.+  De se sia na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be: ‘Ne mienya ɖo afɔ Yordan tɔa me ko la, mitɔ ɖe tɔa me le afi ma.’”+  Eye Yosua gblɔ na Israel-viwo be: “Miva afii, ne miase Yehowa mia Mawu ƒe nyawo.” 10  Yosua gagblɔ be: “Esia mee mianyae le be, Mawu gbagbe aɖe le mia dome,+ eye be anya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le mia ŋgɔ godoo.+ 11  Kpɔ ɖa! Anyigba blibo la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la dze mia ŋgɔ yina Yordan la me. 12  Azɔ la, miɖe ŋutsu wuieve tso Israel-toawo me, to ɖeka ŋutsu ɖeka,+ 13  eye ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba blibo la katã ƒe Aƒetɔ la, ƒe Aɖaka la ƒe afɔƒome nya ka Yordan tsia me ko la, Yordan me tsi siwo le sisim tso dzigbe gbɔna anyime la nu atso, eye woatɔ ahamli ɖe teƒe ɖeka abe gli ene.”+ 14  Eya ta dukɔ la do go le woƒe agbadɔwo me yina Yordan tso ge, eye esi wòsusɔ vie woatso tɔa la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka+ la nɔ dukɔ la ŋgɔ ɖe zɔ yi ŋgɔ. 15  Eye esi Aɖaka la kɔlawo va ɖo Yordan nu, eye nunɔla siwo kɔ Aɖaka la ƒe afɔ nya ka tsiawo me ko la (Yordan ɖɔ gbagba gbɔ eƒe goawo katã ŋu+ le nuŋeɣi blibo la katã), 16  tsi siwo le sisim tso dzigbe gbɔna anyime la tɔ. Womli kɔ abe gli ene va ɖo keke Adam, si nye du si le Zaretan xa ke, eye tsi siwo nɔ sisim yi Araba-ƒu, si nye Dzeƒu* la, me la mie. Wo nu tso, eye dukɔ la tso tɔa le Yeriko ŋgɔ. 17  Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖi maʋamaʋãe le ƒuƒuiƒe+ le Yordan titina, eye Israel blibo la zɔ to ƒuƒuiƒe+ le tɔa me nɔ yiyim va se ɖe esime dukɔ blibo la katã tso Yordan vɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Anɔ abe meta 890 ene. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “Ƒukuku.”