Yosua 4:1-24

  • Kpe siwo anye ŋkuɖodzinu (1-24)

4  Esi dukɔ blibo la katã nya tso Yordan vɔ ko la, Yehowa gblɔ na Yosua be:  “Miɖe ŋutsu wuieve tso dukɔ la dome, to ɖeka ŋutsu ɖeka,+  eye nàde se sia na wo be: ‘Mikɔ kpe wuieve le Yordan titina, le afi si nunɔlawo tɔ ɖo maʋamaʋãe+ la, eye miakɔ wo ɖe asi aɖada ɖe teƒe si miatsi adɔ zã sia.’”+  Eya ta Yosua yɔ ŋutsu wuieve siwo wòtia tso Israel-viwo dome, to ɖeka ŋutsu ɖeka,  eye Yosua gblɔ na wo be: “Miyi Yehowa mia Mawu ƒe Aɖaka la ŋgɔ le Yordan titina, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nakɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu,  ne woanye dzesi le mia dome. Ne mia viwo* va bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka tae kpe siawo le afii?’+ mahã la,  migblɔ na wo be: ‘Elabena Yordan me tsiawo nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka+ la ŋgɔ. Esi wòto Yordan me la, Yordan me tsiawo nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo ɖaa.’”+  Eya ta Israel-viwo wɔ abe ale si tututu Yosua de se ene. Wokɔ kpe wuieve le Yordan titina, abe ale si tututu Yehowa gblɔe na Yosua ene, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu. Wokɔ wo yi afi si woatsi adɔ, eye woda wo ɖe afi ma.  Yosua ɖi kpe wuieve hã ɖe Yordan titina le afi si nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la tsi tsitre ɖo,+ eye wole afi ma va se ɖe egbe sia. 10  Nunɔla siwo kɔ Aɖakaa la tsi tsitre ɖe Yordan titina va se ɖe esime wowɔ nu siwo katã ƒe se Yehowa de na Yosua be wòagblɔ na dukɔa la vɔ, le se siwo katã Mose de na Yosua la nu. Ɣemaɣi la, dukɔ la zɔ kabakaba tso tɔa. 11  Esi dukɔ bliboa tso tɔa vɔ la, nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe Aɖaka la va tɔa godo le dukɔ la ŋkume.+ 12  Eye Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-to afã la bla aʋakpa+ dze Israel-viwo ŋgɔ tso tɔa abe ale si Mose de se na wo ene.+ 13  Aʋawɔla siwo ade akpe blaene ye bla aʋakpa tso tɔa le Yehowa ŋkume yi Yeriko tagba. 14  Yehowa do gã Yosua le Israel blibo la katã ŋkume+ gbe ma gbe, eye wode bubu gã eŋu* le eƒe agbemeŋkekewo katã me, abe ale si ko wode bubu gã Mose ŋu ene.+ 15  Azɔ Yehowa gblɔ na Yosua be: 16  “Gblɔ na nunɔla siwo kɔ Ðaseɖiɖiɖaka+ la be woado go le Yordan me.” 17  Eya ta Yosua gblɔ na nunɔlawo be: “Mido go le Yordan me.” 18  Esi nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka+ la do go le Yordan titina, eye nunɔlawo ƒe afɔƒome nya ka ƒuƒuiƒe ko la, Yordan me tsiawo gate sisi, eye woɖɔ gbagba ɖe goawo katã dzi+ abe tsã ene. 19  Dukɔ la tso Yordan le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal+ le Yeriko ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi. 20  Ke Yosua ɖi kpe wuieve siwo wofɔ le Yordan me la ɖe Gilgal.+ 21  Eye wògblɔ na Israel-viwo be: “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Kpe siawo gɔme ɖe?’+ hã la, 22  ekema miaɖe eme na mia viwo be: ‘Ƒuƒuiƒee+ Israel to tsò Yordan, 23  esime Yehowa mia Mawu na Yordan me tsiawo mie le wo ŋgɔ va se ɖe esime wotsoe, abe ale si tututu Yehowa mia Mawu wɔ Ƒudzĩ la, esime wòna wòmie le mía ŋgɔ va se ɖe esime míetsoe ene.+ 24  Ewɔ esia be anyigbadzidukɔwo katã nanya ale si gbegbe Yehowa ƒe alɔkame sẽe,+ ale be miavɔ̃ Yehowa mia Mawu la ɣesiaɣi.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “mia viŋutsuwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wovɔ̃e.”