Yosua 5:1-15

  • Aʋatsotso le Gilgal (1-9)

  • Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui la; mana la nu tso (10-12)

  • Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã (13-15)

5  Esi Amoritɔwo+ ƒe fia siwo katã le Yordan ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi,* kple Kanaantɔwo+ ƒe fia siwo katã le atsiaƒua nu, see be Yehowa na Yordan me tsiawo mie le Israel-viwo ŋgɔ, va se ɖe esime wotsoe la, dzi ɖe le wo ƒo,*+ eye kalẽwɔwɔ bú ɖe wo* le Israel-viwo ta.+  Ɣemaɣi la, Yehowa gblɔ na Yosua be: “Tsɔ kpe sesẽ wɔ hɛwo, eye nàtso aʋa+ na Israel ŋutsuwo zi evelia.”  Ale Yosua tsɔ kpe sesẽ wɔ hɛwo, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo le Gibeat-Haaralot.*+  Nu si ta Yosua tso aʋa na wo ɖoe nye be, Ŋutsu siwo katã ʋu tso Egipte, siwo katã nye aʋawɔlawo* la, ku le mɔa dzi esi woʋu le Egipte megbe.+  Wotso aʋa na ame siwo katã ʋu tso Egipte la, gake wometso aʋa na ame siwo katã wodzi le gbea dzi le mɔa dzi, esime woʋu le Egipte megbe ya o.  Elabena Israel-viwo zɔ gbea dzi ƒe blaene+ va se ɖe esime dukɔ blibo la ku vɔ, ame siawoe nye ŋutsu aʋawɔla siwo katã ʋu tso Egipte, siwo meɖo to Yehowa ƒe gbe o+ la. Yehowa ka atam na wo be, yemana woakpɔ anyigba+ si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo tɔgbuiwo be yeatsɔe ana mí,+ anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le+ la gbeɖe o.  Eya ta etsɔ wo viwo ɖo wo teƒe.+ Woawoe Yosua tso aʋa na, elabena wometso aʋa na wo le mɔa dzi o.  Esi wotso aʋa na dukɔ bliboa vɔ la, wotsi wo nɔƒe le asaɖa la me, va se ɖe esime wohaya.  Azɔ Yehowa gblɔ na Yosua be: “Meɖe Egipte ƒe vlodoame ɖa le mia ŋu egbea.” Eya ta woyɔa teƒe ma be Gilgal*+ va se ɖe egbe sia. 10  Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal, eye woɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣletia ƒe ŋkeke wuienelia+ ƒe fiẽ le Yeriko tagba. 11  Eye wodze anyigba la dzi nuwo ɖuɖu gɔme le Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe ŋufɔke, woɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolowo+ kple nuku tɔtɔewo le ŋkeke sia ke dzi. 12  Eye mana la nu tso gbe si gbe woɖu anyigba la dzi nuku aɖewo; mana aɖeke megali na Israel-viwo+ azɔ o, ke boŋ wodze Kanaan-nyigba la dzi nuwo ɖuɖu gɔme le ƒe ma me.+ 13  Esi Yosua gogo Yeriko la, efɔ mo dzi, eye wòkpɔ ŋutsu aɖe+ lé yi ɖe asi+ tɔ ɖe eŋgɔ. Ale Yosua zɔ ɖe edzi hebiae be: “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔwo dzie nèle?” 14  Eɖo eŋu be: “Ao, ke boŋ Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã+ menye va.” Eye Yosua bɔbɔ hetsyɔ mo anyi hebiae be: “Nya kae le nye aƒetɔ si na eƒe subɔla?” 15  Ale Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã la ɖo eŋu na Yosua be: “Ðe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nètsi tsitre ɖo la le kɔkɔe.” Enumake Yosua wɔe nenema.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒugome.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe dziwo lólo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye gbɔgbɔ aɖeke meganɔ wo me o.”
Egɔmee nye, “Aʋanuyiwo Ƒe Togbɛ.”
Alo, “ame siwo ate ŋu ayi aʋa.”
Egɔmee nye, “Mimli; Mimli Ða.”