Yosua 6:1-27

  • Yeriko gli la mu (1-21)

  • Rahab kple eƒe ƒometɔwo tsi agbe (22-27)

6  Wodo Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋ le Israel-viwo ta, ame aɖeke medona alo gena ɖe eme o.+  Eye Yehowa gblɔ na Yosua be: “Kpɔ ɖa, metsɔ Yeriko kple eƒe fia kpakple eƒe kalẽtɔwo de asi na wò.+  Mi ŋutsu aʋawɔlawo katã mizɔ ƒo xlã dua zi ɖeka. Aleae miawɔ ŋkeke ade.  Na nunɔla adre natsɔ agbodzokpẽ adre ɖe asi adze Aɖaka la ŋgɔ. Gake le ŋkeke adrea gbe la, miazɔ aƒo xlã dua zi adre, eye nunɔlawo naku kpẽawo.+  Eye ne woku agbodzokpẽawo, eye mienya se kpẽawo ƒe ɖiɖi ko la, aʋawɔlawo katã nado aʋaɣli sesĩe. Eye du la ƒe gli amu adze anyi,+ eye aʋawɔlaawo nage ɖe eme, ame sia ame nayi ŋgɔ tẽe.”  Eya ta Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo, eye wògblɔ na wo be: “Mikɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ agbodzokpẽ adre adze Yehowa ƒe Aɖaka la ŋgɔ.”+  Egblɔ na aʋawɔlaawo be: “Mizɔ yi ŋgɔ, mizɔ ƒo xlã dua, eye aʋakpablalawo+ nadze Yehowa ƒe Aɖaka la ŋgɔ.”  Eye abe ale si Yosua gblɔ na aʋawɔlawo ene la, nunɔla adre siwo lé agbodzokpẽ adreawo ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ yi ŋgɔ heku kpẽawo, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo yome.  Aʋakpablalaawo dze nunɔla siwo nɔ kpẽawo kum la ŋgɔ, eye aʋawɔla megbexeawo dze Aɖaka la yome esime nunɔlawo le kpẽawo kum atraɖii. 10  Ke Yosua de se na aʋawɔlawo be: “Migado ɣli alo ana woase miaƒe gbe o. Nya aɖeke megado le mia nu o, va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be: ‘Mido ɣli!’ Ekema miado ɣli.” 11  Ena wokɔ Yehowa ƒe Aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka, emegbe wogbugbɔ yi asaɖa la me hetsi afi ma dɔ le zã ma me. 12  Le ŋufɔke la, Yosua fɔ ŋdi kanya, eye nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe Aɖaka+ la, 13  eye nunɔla adre siwo lé agbodzokpẽ adre ɖe asi dze Yehowa ƒe Aɖaka ŋgɔ la le kpẽawo kum atraɖii. Aʋakpablalaawo nɔ zɔzɔm le wo ŋgɔ, eye aʋawɔla megbexeawo dze Yehowa ƒe Aɖaka la yome esime nunɔlawo le kpẽawo kum atraɖii. 14  Wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia dzi, emegbe wotrɔ yi asaɖa la me. Aleae wowɔ ŋkeke ade sɔŋ.+ 15  Ke le ŋkeke adrelia dzi la, wofɔ ŋdi kanya, esi agu nya dze teti ko, eye wozɔ ƒo xlã dua alea zi adre. Ŋkeke ma dzi koe wozɔ ƒo xlã dua zi adre.+ 16  Esi woƒo xlãe zi adrelia la, nunɔlawo ku kpẽawo, eye Yosua gblɔ na aʋawɔlaawo be: “Mido ɣli;+ elabena Yehowa tsɔ du la de asi na mi! 17  Miatsrɔ̃ du la kple nu sia nu si le eme la gbidigbidi;+ wo katã nye Yehowa tɔ. Negbe Rahab+ gbolo la koe atsi agbe, eya kple ame siwo katã le egbɔ le aƒea me, elabena eɣla ame siwo míedɔ ɖa la.+ 18  Ke migate ɖe nu siwo wòle be woatsrɔ̃ gbidigbidi la ŋu o,+ ale be nu siwo wòle be woatsrɔ̃ gbidigbidi la ƒe ɖeke nagadzro mi miahayi etsɔ ge,+ eye miahe vɔ̃* ava Israel ƒe asaɖa la dzi ahana woatsrɔ̃e gbidii o.+ 19  Ke klosalo kple sika kple akɔblinuwo kpakple gayibɔnuwo ŋu kɔ na Yehowa.+ Ele be mialɔ wo ayi Yehowa ƒe nu xɔasiwo dzraɖoƒe.”+ 20  Aʋawɔlaawo do ɣli esi woku kpẽawo.+ Esi aʋawɔlaawo nya se kpẽawo ƒe ɖiɖi eye wodo aʋaɣli ko la, gli la mu dze anyi.+ Emegbe aʋawɔlaawo ge ɖe dua me, ame sia ame yi ŋgɔ tẽe, eye woxɔ du la. 21  Wotsrɔ̃ nu siwo katã le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖekakpuiwo kple amegãɖeɖiwo, nyiwo kple alẽwo kpakple tedziwo kple yi.+ 22  Yosua gblɔ na ŋutsu eve siwo yi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi be: “Miyi gbolo la ƒe me, eye miakplɔ nyɔnu la kple eƒemetɔwo katã do goe, abe ale si mieka atam nɛ ene.”+ 23  Ale ɖekakpui siwo va tsa ŋku la yi ɖakplɔ Rahab kple fofoa kple dadaa kple nɔviawo kpakple eƒe amewo katã do goe, ɛ̃, wokplɔ eƒemetɔwo katã do goe;+ eye wokplɔ wo dedie va teƒe aɖe le Israel ƒe asaɖa la godo. 24  Eye wotɔ dzo du la kple nu sia nu si le eme. Negbe klosalo, sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo koe wolɔ yi Yehowa ƒe aƒe la me nu xɔasiwo dzraɖoƒe.+ 25  Rahab gbolo la kple fofoa ƒemetɔwo kpakple eya ŋutɔ ƒemetɔwo katã koe Yosua na wotsi agbe;+ eye wòle Israel va se ɖe egbe sia,+ elabena eɣla ame siwo Yosua dɔ ɖa be woaɖatsa ŋku le Yeriko la.+ 26  Eye Yosua ka atam sia* ɣemaɣi be: “Aɖi ŋutsu si agbugbɔ Yeriko du sia atso la ŋu kpékpekpe le Yehowa ŋkume. Eƒe ŋgɔgbevi ƒe agbee wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe agbee wòatsɔ ade agbo enu.”+ 27  Ale Yehowa nɔ kple Yosua,+ eye eƒe ŋkɔ ɖi le anyigba blibo la katã dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “xaxa.”
Agate ŋu afia, “na ameawo ka atam sia.”