Yosua 8:1-35

  • Yosua kple eŋumewo de xa ɖe Ai ŋu (1-13)

  • Woɖu Aitɔwo dzi dzidzedzetɔe (14-29)

  • Woxlẽ Se la le Ebal To la gbɔ (30-35)

8  Azɔ Yehowa gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.+ Kplɔ aʋawɔlawo katã nàho ɖe Ai ŋu. Kpɔ ɖa, metsɔ Ai-fia, eƒe dukɔ, eƒe du la kple eƒe anyigba de asi na wò.+  Wɔ Ai kple eƒe fia la abe ale si tututu nèwɔ Yeriko kple eƒe fia+ la ene, ke le eya gome la, miate ŋu aha eƒe nuwo kple eƒe lãwo na mia ɖokuiwo. Na amewo nade xa ɖe du la megbe.”  Eya ta Yosua kple aʋawɔlawo katã ho ɖe Ai ŋu, eye Yosua tia aʋakalẽtɔ akpe blaetɔ̃, eye wòdɔ wo ɖa le zã me.  Ede se sia na wo be: “Miyi ɖade xa ɖe du la megbe. Migayi adzɔge boo tso dua gbɔ o, eye mi katã minɔ klalo.  Ke nye kple ame siwo katã le ŋunye la míate ɖe du la ŋu, eye ne wodo go va kpe mí abe tsã ene la,+ ekema míasi le wo nu.  Ne woyɔ mí ɖe enu la, míahe wo ɖa le dua gbɔ, elabena woagblɔ be: ‘Wole sisim le mía nu abe tsã ene.’+ Ale míasi le wo nu.  Ekema miado le xadeƒe la axɔ dua; Yehowa mia Mawu atsɔe ade asi na mi.  Ne mienya xɔ dua ko la, mitɔ dzoe.+ Miwɔ abe ale si Yehowa gblɔ ene. Kpɔ ɖa, se siawoe mede na mi.”  Emegbe Yosua dɔ wo ɖa, eye woyi xadeƒe la; wode xa ɖe Betel kple Ai dome, le Ai ƒe ɣetoɖoƒe, eye Yosua tsi aʋawɔla susɔeawo gbɔ zã ma. 10  Esi Yosua fɔ ŋdi kanya, eye wòƒo aʋawɔlaawo nu ƒu la, eya kple Israel ametsitsiwo kplɔ wo ɖo ta Ai. 11  Eye aʋawɔla+ siwo katã le eŋu la zɔ yi dua ŋgɔ. Woƒu asaɖa anyi ɖe Ai ƒe dziehe, eye bali aɖe tso wo kple Ai dome. 12  Le ɣeyiɣi ma me la, eɖe ŋutsu siwo anɔ akpe atɔ̃, eye wòna wode xa+ ɖe Betel+ kple Ai dome le dua ƒe ɣetoɖoƒe. 13  Ale aʋawɔlawo ƒe akpa gãtɔ ƒu asaɖa anyi ɖe dua ƒe dziehe,+ eye aʋawɔla megbexeawo ƒu asaɖa anyi ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe,+ eye Yosua yi bali la me le zã ma me. 14  Esi Ai-fia kpɔ esia ko la, eya kple dua me ŋutsuwo katã fɔ ŋdi kanya hewɔ kaba do yi aʋa kpe ge kple Israel le teƒe aɖe si dze ŋgɔ tagba la. Ke menya be wode xa ɖi na ye le dua megbe o. 15  Esi Ai ŋutsuwo dze aʋa ɖe wo ŋu la, Yosua kple Israel blibo la katã si to mɔ si ɖo ta gbedzi.+ 16  Eye woyɔ ame siwo katã le dua me ƒo ƒu be woanya wo ɖe nu; esi wonya Yosua ɖe nu la, wohe wo yi adzɔge tso dua gbɔ. 17  Ŋutsu aɖeke mekpɔtɔ ɖe Ai kple Betel, si medo go heti Israel yome o. Ale wogblẽ du la ɖe nuvo henya Israel ɖe nu. 18  Azɔ Yehowa gblɔ na Yosua be: “Do akplɔ si le asiwò la ɖe Ai+ lɔƒo, elabena asiwò mee matsɔe ade.”+ Eya ta Yosua do akplɔ si le esi la ɖe du la gbɔ. 19  Esi wònya do eƒe asi ɖa teti ko la, xadelawo do le xadeƒea kaba, eye woƒu du ge ɖe dua me hexɔe. Eye wotɔ dzo du la enumake.+ 20  Esi Ai ŋutsuwo trɔ kpɔ megbe la, wokpɔ be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ le dua me, eye ŋusẽ meganɔ wo ŋu woasi aɖo ta afi aɖeke o. Eye Israel-vi siwo si yina gbea dzi la trɔ ɖe wo yometilawo ŋu. 21  Esi Yosua kple Israel blibo la katã kpɔ be xadelawo xɔ dua, eye dzudzɔ de dzi le dua me la, wotrɔ ɖe Ai ŋutsuawo ŋu. 22  Ame siwo xɔ dua la do go va kpe wo, ale wɔ Ai ŋutsuwo tsi to me, Israel-viwo le woƒe akpa si kple akpa kemɛ, eye wosi wo va se ɖe esime agbetsila alo sisila aɖeke mekpɔtɔ o.+ 23  Gake wolé Ai-fia+ agbagbee hekplɔe vɛ na Yosua. 24  Esi Israel wu Aitɔwo katã le tagba, le gbedzi afi si woti wo yome va, eye wotsrɔ̃ wo dometɔ ɖe sia ɖe kple yi vɔ keŋkeŋ la, Israel blibo la trɔ yi Ai, eye wòtsrɔ̃e kple yi. 25  Aitɔ siwo katã tsi yi nu gbe ma gbe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le ame akpe wuieve. 26  Yosua megbugbɔ eƒe asi si wòtsɔ do akplɔ+ la ɖa la ɖe megbe o, va se ɖe esime wòtsrɔ̃ Aitɔwo katã vɔ keŋkeŋ.+ 27  Ke Israel ha lãwo kple dua me nuwo na wo ɖokuiwo, abe ale si Yehowa de se na Yosua ene.+ 28  Eye Yosua tɔ dzo Ai, eye wòzu aƒedo gbidigbidi+ va se ɖe egbe sia. 29  Ehe Ai-fia ɖe ati ŋu va se ɖe fiẽ, eye esi ɣe yina to ɖo ge la, Yosua ɖe gbe be woaɖe eƒe kukua le atia ŋu.+ Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li kɔ gã aɖe ɖe edzi, kpekɔa le afi ma va se ɖe egbe. 30  Ɣemaɣie Yosua ɖi vɔsamlekpui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe Ebal To+ la dzi, 31  abe ale si Yehowa ƒe subɔla Mose de se na Israel-viwo, eye woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽa+ me ene, be wòanye “Kpe blibo siwo wometsɔ gadɔwɔnu aɖeke fui o la ƒe vɔsamlekpui.”+ Wosa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo+ le edzi na Yehowa. 32  Yosua gbugbɔ ŋlɔ Mose ƒe Se,+ si wòŋlɔ le Israel-viwo ŋkume la, ɖe kpewo dzi le afi ma.+ 33  Eye Israel blibo la katã, woƒe ametsitsiwo, dzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo tɔ ɖe Aɖaka la ƒe axa eveawo dzi le Lewi vi nunɔla siwo kɔa Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Amedzrowo kple dumeviwo siaa nɔ afi ma.+ Woƒe afã tɔ ɖe Gerizim To la ŋgɔ, eye afã tɔ ɖe Ebal To+ la ŋgɔ, be woayra Israel dukɔ la (abe ale si tututu Yehowa ƒe subɔla Mose de se na wo gbe aɖe gbe ene).+ 34  Emegbe exlẽ Se+ la me nyawo katã, yayrawo+ kple fiƒodewo,+ sesĩe le nya siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽa me la nu. 35  Nya siwo katã ƒe se Mose de la dometɔ aɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ sesĩe le Israel ƒe ha blibo la katã,+ si me nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro+ siwo le* wo dome+ hã le la ŋkume o.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “le zɔzɔm le.”