Yosua 9:1-27

  • Gibeontɔ dzeaɖaŋuwo di ŋutifafa (1-15)

  • Gibeontɔwo ƒe ayemenuwɔna la va dze (16-21)

  • Gibeontɔwo nanye nakefɔlawo kple tsidulawo (22-27)

9  Esi fia siwo katã le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe,+ siwo le tonuto la me, le Sefela* kple Ƒu Gã*+ blibo la nu kpakple Lebanon ŋgɔ, siwo nye Hititɔwo kple Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo,+ nya se nu si dzɔ ko la,  wo katã wowɔ ɖeka be yewoawɔ aʋa kple Yosua kpakple Israel.+  Gibeontɔwo+ hã se nu si Yosua tu kple Yeriko+ kple Ai.+  Eya ta wowɔ ayenu, eye wodi mɔdzinuɖuɖu de kotoku xoxowo me tsɔ ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotsɔ waingolo xoxo vuvu siwo wogbugbɔ tɔ,  eye wodo afɔkpa xoxo siwo woka, kple awu xoxowo. Abolo siwo katã wotsɔ ɖe asi la ƒu hefli kakɛkakɛ.  Woyi Yosua gbɔ le asaɖa la me le Gilgal,+ eye wogblɔ na eya kple Israel ŋutsuwo be: “Anyigba didi aɖe dzie míetso va. Eye míedi be miabla nu kpli mí.”  Ke Israel ŋutsuwo gblɔ na Hivitɔawo+ be: “Ðewohĩ mía gbɔ afi sia koe miele. Ekema aleke wɔ míabla nu kpli mi?”+  Woɖo eŋu na Yosua be: “Wò subɔviwoe* míenye.” Eye Yosua bia wo be: “Ame kawoe mienye, eye afi kae mietso?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Anyigba didi+ aɖe ŋutɔ dzie wò subɔviwo tso le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena míese eŋkɔ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte,+ 10  kple nu siwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eve siwo nɔ Yordan godo,* siwo nye Sihon,+ Hesbon-fia, kple Og,+ Basan-fia si nɔ Astarot. 11  Eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe anyigbadzitɔwo katã gblɔ na mí be: ‘Mitsɔ mɔdzinuɖuɖu ɖe asi miayi aɖakpe wo. Migblɔ na wo be: “Míazu miaƒe subɔviwo;+ eya ta mibla nu kpli mí.”’+ 12  Abolo siawo la, abolo dzodzoe wonye nɔ mía si gbe si gbe míedzo le míaƒe aƒewo me gbɔna mia gbɔ afi sia. Ke azɔ abe ale si miawo ŋutɔwo miakpɔe ene la, woƒu hefli kakɛkakɛ.+ 13  Eye waingolo siawo le yeye hafi míeku wain ɖe wo me, ke azɔ la wovuvu.+ Eye míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le ale si gbegbe mɔa didii ta.” 14  Eye ŋutsuawo xɔ* woƒe nuɖuɖuawo ƒe ɖe, gake womebia gbe Yehowa se o.+ 15  Eye Yosua wɔ ŋutifafa kpli wo,+ eye wòbla nu kpli wo be yeana woanɔ agbe, eye ha la ƒe tatɔwo ka atam na wo tsɔ ɖo kpe esia dzi.+ 16  Esi wobla nu kpli wo ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova se be womele adzɔge tso yewo gbɔ o, yewoƒe nutoa me koe wole. 17  Eye Israel-viwo dze mɔ eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wova ɖo woƒe duwo me; woƒe duawoe nye Gibeon,+ Kefira, Beerot kple Kiriat-Yearim.+ 18  Gake Israel-viwo medze wo dzi o, elabena ha la ƒe tatɔwo ka atam na wo le Yehowa,+ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Eye ha blibo la lĩ liʋiliʋĩ le tatɔawo ŋu. 19  Eye tatɔawo gblɔ na ha blibo la be: “Esi míeka atam na wo le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkɔ me ta la, míekpɔ mɔ awɔ nu vevi wo o. 20  Nu si wɔ ge míalae nye esi: Míana woanɔ agbe, ne dziku nagava mía dzi le atam si míeka na wo la ta o.”+ 21  Eye tatɔawo gblɔ kpee be: “Mina woanɔ agbe, gake woazu nakefɔlawo kple tsidulawo na ha blibo la katã.” Nya siawoe tatɔawo tsɔ do ŋugbee na wo.” 22  Azɔ Yosua yɔ wo, eye wògblɔ na wo be: “Nu ka tae mieflu mí gblɔ be, ‘Didiƒe kee míetso,’ evɔ wònye mía gbɔ afi sia ko miele?+ 23  Tso fifia la, woƒo fi de mi,+ eye mianye kluviwo ahazu nakefɔlawo kple tsidulawo na nye Mawu ƒe aƒe la ɖaa.” 24  Eye woɖo eŋu na Yosua be: “Nu si tae nye be, wogblɔ na wò subɔviwo be Yehowa wò Mawu la de se na eƒe subɔla Mose be wòatsɔ anyigba blibo la katã ana mi, eye wòatsrɔ̃ anyigba la dzi nɔlawo katã gbidigbidi le mia ŋgɔ.+ Eya ta míevɔ̃ ɖe míaƒe agbe* ta le mia ta,+ esia tae míewɔ nu sia ɖo.+ 25  Azɔ míele asiwò me. Wɔ nu sia nu si nèkpɔ be enyo hesɔ la kpli mí.” 26  Eye nenemae wòwɔ wo; eɖe wo tso Israel-viwo si me, eye womewu wo o. 27  Gake tso gbe ma gbe la, Yosua na wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na ha la+ kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe si Mawu atia la,+ wogale esia wɔwɔ dzi va se ɖe egbe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, Domeƒu.
Alo, “bali me.”
Alo, “kluviwoe.”
Efia, ɣedzeƒe gome.
Alo, “wolé ŋku ɖe.”
Alo, “luʋɔwo.”