Zakariya 7:1-14

  • Yehowa tsri alakpanutsitsidɔ (1-14)

    • “Nyee mietsi nu dɔ na?” (5)

    • ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, minyo dɔme eye mikpɔ nublanui na mia nɔewo’ (9)

7  Eye Yehowa ƒe gbe va na Zakariya+ le Fia Dario ƒe ƒe enelia me, le ɣleti asiekelia, si nye Kislev* ƒe ŋkeke enelia dzi.  Eye ame siwo le Betel la dɔ Sarezer kple Regem-Melek kpakple eƒe amewo ɖa, be woaɖaƒo koko na Yehowa ne wòave yewo nu,  eye woabia nunɔla siwo le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe aƒe* la me kple nyagblɔɖilawo be: “Ðe mafa avi le ɣleti atɔ̃lia me,+ ahate nuɖuɖu ɖokuinye, abe ale si mewɔ ƒe gbogbo siawo enea?”  Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe gbe gava nam be:  “Bia dukɔ la me tɔwo katã kple nunɔlawo be: ‘Esi mietsi nu dɔ, eye miefa avi le ɣleti atɔ̃lia kple ɣleti adrelia+ me, eye miewɔ esia ƒe blaadre+ la, nyee mietsi nu dɔ na?  Eye ne mieɖu nu no nu la, ɖe menye miawo ŋutɔwoe mieɖu nu no nu na oa?  Ðe mele be miaɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila tsãtɔwo dzi,+ esime amewo nɔ Yerusalem kple eŋuduwo me, eye amewo nɔ Negeb* kple Sefela* oa?’”  Eye Yehowa ƒe gbe gava na Zakariya be:  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe;+ minyo dɔme+ eye mikpɔ nublanui na mia nɔewo. 10  Migatafa ahosi alo tsyɔ̃evi,+ amedzro+ alo ame dahe+ o; eye migaɖo tame vɔ̃ ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe dzi me o.’+ 11  Ke wogbe toɖoɖo,+ eye wolia ʋume kpakoo,+ eye woxe to be yewomase nu o.+ 12  Wona woƒe dzi me sẽ abe lotamekpe*+ ene, eye womeɖo to se* la kple nya siwo aʋakɔwo ƒe Yehowa to eƒe gbɔgbɔ dzi na nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ la o.+ Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa do dziku ɖe wo ŋu vevie.”+ 13  “‘Eya ta ale si ko meyɔ* wo,+ eye wogbe esese la, nenema kee woawo hã woayɔm, ke magbe esese,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 14  ‘Eye metsɔ ahom ka wo hlẽ ɖe dukɔ siwo katã womenya o la dome,+ eye anyigba la zu gbegbe le wo megbe, ame aɖeke metoa edzi yina loo alo toa edzi gbɔna o;+ ale wona anyigba nyui la zu ŋɔdzinu.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “bali me.”
Agate ŋu afia, “kpe sesẽ,” abe emery-kpe ene.
Alo, “nufiame.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòyɔ.”