Zakariya 8:1-23

  • Yehowa na ŋutifafa kple nyateƒe Zion (1-23)

    • Yerusalem, “nyateƒedu” la (3)

    • “Mito nyateƒe na mia nɔewo” (16)

    • Nutsitsidɔ atrɔ zu azãɖuɖuwo (18, 19)

    • ‘Mina míadze agbagba adi Yehowa’ (21)

    • Ame ewo alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu (23)

8  Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe gbe gava be,  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Maʋã ŋu vevie ɖe Zion nu,+ eye maʋã ŋu ɖe enu le dɔmedzoe me.’”  “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ayi Zion,+ eye manɔ Yerusalem;+ woayɔ Yerusalem be nyateƒedu,*+ eye woayɔ aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe to la be to kɔkɔe.’”+  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo aganɔ Yerusalem ƒe ablɔwo me ake, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe alé atizɔti ɖe asi le ƒe geɖe xɔxɔ ta.+  Ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo asɔ gbɔ ɖe duawo ƒe ablɔwo me taŋ anɔ fefem le eƒe ablɔwo me.’”+  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Togbɔ be adze nu sesẽ aɖe ŋutɔ na dukɔ sia ƒe ame susɔeawo le ŋkeke mawo me hã la, ɖe wòanye nu sesẽ na nye hã?’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒenyigba dzi kple ɣetoɖoƒenyigba dzi.+  Makplɔ wo agbɔe, eye woanɔ Yerusalem;+ woanye nye dukɔ, eye nye hã manye woƒe Mawu+ le nyateƒe* kple dzɔdzɔenyenye me.’”  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mido ŋusẽ miaƒe asiwo,*+ mi, ame siwo le nya siawo sem fifia tso nyagblɔɖilawo nu,+ nya siwo wogblɔ le gbe si gbe woɖo aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbedoxɔ la. 10  Elabena hafi ɣemaɣi naɖo la, fetu aɖeke menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o;+ ame aɖeke medona alo gbɔna dedie o, le futɔ la ta, elabena mena amewo katã tso ɖe wo nɔewo ŋu.’ 11  “‘Ke azɔ la, nyemawɔ nu ɖe dukɔ sia ƒe ame susɔeawo ŋu abe ale si mewɔ le tsãŋkekewo me ene o,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 12  ‘Elabena woaƒã ŋutifafaku; wainka atse, anyigba awɔ nu,+ eye dziƒo adza zãmu; mana dukɔ sia ƒe ame susɔeawo nanyi nu siawo katã dome.+ 13  Oo Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, ale si ko miezu fiƒode le dukɔwo dome la,+ nenema kee maxɔ na mii, be miazu yayra.+ Migavɔ̃ o!+ Mido ŋusẽ miaƒe asiwo.’*+ 14  “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘“Ale si ko mia tɔgbuiwo do dziku nam eye meɖoe be mahe vɔ̃ ava mia dzi, eye mevem o+ la,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe, 15  “nenemae magaɖoe le ŋkeke siawo me be mawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda+ ƒe aƒe la. Migavɔ̃ o!”’+ 16  “‘Nu siwo miawɔ lae nye esi: Mito nyateƒe na mia nɔewo.+ Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe le miaƒe dugbowo nu ne nyateƒe kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi.+ 17  Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o,+ eye alakpatam megavivi mia nu o;+ elabena melé fu nu siawo katã,’+ Yehowa ye gblɔe.” 18  Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, ƒe gbe gava nam be: 19  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miaƒe nutsitsidɔ le ɣleti enelia me,+ le ɣleti atɔ̃lia me,+ le ɣleti adrelia me,+ kple ɣleti ewolia me la,+ azu aseyetsotso kple dzidzɔkpɔkpɔ kpakple ŋkekenyuiwo na Yuda ƒe aƒe la.+ Eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.’ 20  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Dukɔwo kple du geɖe me nɔlawo ava; 21  eye du ɖeka me nɔlawo ayi aɖagblɔ na du bubu me nɔlawo be: “Mina míadze agbagba aɖaƒo koko na Yehowa, eye míadi aʋakɔwo ƒe Yehowa yome mɔ. Nye hã mayi.”+ 22  Eye dukɔ geɖewo kple dukɔ sesẽwo ava di aʋakɔwo ƒe Yehowa le Yerusalem,+ eye woaƒo koko na Yehowa be wòave yewo nu.’ 23  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Le ŋkeke mawo me la, ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo+ katã me alé Yudatɔ* ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: “Míayi kpli mi,+ elabena míese be Mawu li kpli mi.”’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “du wɔnuteƒe.”
Alo, “nuteƒewɔwɔ.”
Alo, “Milé dzi ɖe ƒo.”
Alo, “Milé dzi ɖe ƒo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Yuda ŋutsu.”