Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míanɔ Agbe Tsɛ

Míanɔ Agbe Tsɛ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Xexea dina be míasusui

    Be ŋutilãmenu geɖe hiã mí.

    Gake nu siawo yome titi

    Ava wɔ mí woƒe kluvi.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tsɛ.

    Mawu nya nu si’o hiã mí.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

    Míanɔ agbe tsɛ,

    Ekema míaɖe dzi ɖi.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

  2. 2. Teƒe si míaziɔ ta ɖo,

    Nuɖuɖu kple nudodo:

    Ne nu vevi siawo dzea mía ŋu la,

    Ana míakpɔ dzidzɔ vavã.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tsɛ.

    Mawu nya nu si’o hiã mí.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

    Míanɔ agbe tsɛ,

    Ekema míaɖe dzi ɖi.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

    (DOMETSOHA)

    Ne míenɔ agbe tsɛ la,

    Naneke mahiã mí o.

    Mía Mawu ayra mí ɖaa.

    Magblẽ mí ɖi akpɔ o,

    L’eƒe lɔlɔ̃ gã ta.

  3. 3. Agbe tsɛ ana tomefafa mí;

    Aɖe kuxiwo dzi kpɔtɔ na mí;

    Ana míatsɔ dzi blibo katã

    Asubɔ mía Mawu lɔlɔ̃a.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tsɛ.

    Mawu nya nu si’o hiã mí.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

    Míanɔ agbe tsɛ,

    Ekema míaɖe dzi ɖi.

    Míanɔ agbe tsɛ.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tsɛ.

    Mawu nya nu si’o hiã mí.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.

    Míanɔ agbe tsɛ,

    Ekema míaɖe dzi ɖi.

    Míanɔ agbe tsɛ; dzi adzɔ mí.