Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ

Tsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ

(Psalmo 96:8)

Hee Ðe Mɔ̃ Dzi:

  1. 1. ’Me kae de nuwò, Yehowa?

    Wòe nye Dziƒoʋĩtɔ la!

    Nu kae mawɔ atsɔ aɖo

    Wò lɔlɔ̃ gã teƒe na wò?

    Dziƒowo ɖea wò bubu gã

    Kple wò ŋusẽ fiana ɖaa.

    ’Me kae menye, Oo, Yehowa,

    Si ta nève nunye alea?

    (HAXE)

    Oo, Yehowa, se nye hadzidzi sia,

    ’Labe wòe nye nye Mawu!

    Fia mavɔtɔ, wò koe masubɔ ɖaa,

    ’Labe wòe wɔ nu sia nu.

    Wòe dze na kafukafu.

  2. 2. Tɔwòe menye, Oo Yehowa.

    ’Ya ta makafu wò ɖaa.

    Maɖe gbeƒã wò nyuiwɔwɔ,

    Agblɔ wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ.

    Bubu manyagblɔ wònye nam

    Be menye wò subɔla.

    Wòe doa ŋusẽm nu sia nu me.

    Medi be nàfia mɔm tegbee.

    (HAXE)

    Oo, Yehowa, se nye hadzidzi sia,

    ’Labe wòe nye nye Mawu!

    Fia mavɔtɔ, wò koe masubɔ ɖaa,

    ’Labe wòe wɔ nu sia nu.

    Wòe dze na kafukafu!

  3. 3. Ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo,

    To, togbɛ kple baliwo

    Doa dzidzɔ nam, wɔa nuku nam.

    Woɖea wò lɔlɔ̃ gã fia nam.

    Wò ŋusẽ, nunya, kple atsyɔ̃

    Ta wò koe dze na vɔvɔ̃.

    Nye Mawu, èdze na bubu

    Wò dɔwɔwɔwo wɔ nuku!

    (HAXE)

    Oo, Yehowa, se nye hadzidzi sia,

    ’Labe wòe nye nye Mawu!

    Fia mavɔtɔ, wò koe masubɔ ɖaa,

    ’Labe wòe wɔ nu sia nu.

    Wòe dze na kafukafu!