Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Dzɔm Be Meɖu Tetekpɔ Dzi

Dzi Dzɔm Be Meɖu Tetekpɔ Dzi

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Menya be gbe sia gbe kloe la,

    Tetekpɔ ava dzinye—tetekpɔ ava.

    Nyemenya nu si wòanye ya’o,

    Nu ka kee wòɖanye o, mate ŋu aɖu dzi.

    Maɖu dzi ne menɔ te sesĩe,

    Eya ta madzra ɖo do ŋgɔ

    Be manya nu si mawɔ

    Ne tetekpɔ va dzinye.

    Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o.

    ’Ya ta medoa gbe ɖa vevie.

    (HAXE)

    Medoa gbe ɖa vevie

    Be maɖu tetekpɔ dzi.

    Medoa gbe ɖa vevie

    Be mawɔ nuteƒe ɖaa.

  2. 2. Hati’o ƒe nyaƒoɖeamenu’o,

    Menya be woava godoo—ɛ̃, woava godoo.

    Ðevi aɖe’o wɔa nu gbegblẽ,

    Nu siwo Mawu lé fui—nu si’o Mawu lé fui.

    Woƒoa nya ɖe nunye be mawɔe.

    Gake menya be menyo o,

    Ta medzona le wo gbɔ.

    Mele be masrɔ̃ wo o,

    ’Labe Yehowa tɔe menye.

    Ta ele be mato vovo.

    (HAXE)

    Dzi dzɔm ale gbegbe

    Be meɖu tetekpɔ dzi.

    Dzi dzɔm ale gbegbe

    Be mewɔ nuteƒe.