Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔ Dzi Ði Be Nàwɔ Tiatia Nyuitɔ

Gbɔ Dzi Ði Be Nàwɔ Tiatia Nyuitɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Ele dzro’em vevie be maɖe srɔ̃.

    Ame kae maɖe?

    Nyematsɔ dzitsitsi age ɖe srɔ̃ɖeɖe me o.

    Nyemedi be tiatia si mawɔ navem etsɔme’o.

    Nu si lé dzi na sɔhɛ egbea, magalé dzi nɛ etsɔme o.

    (HAXE)

    Gbɔ dzi ɖi be nàtia ’me si

    Asɔ na wò.

    Kpɔ nyuie be wò dzi nagable wò o.

    Bia be: “Ame sia sɔ nama?”

    Nɔvinye, ne ègbɔ dzi ɖi la,

    Àtia nyuitɔ.

  2. 2. Medi be maɖe’ame si alé be nam, ame si alɔ̃m vevie.

    Gake nyemedi be maɖe dzimaxɔsetɔ o.

    Medi be Mawu ƒe Nya nafia mɔm

    Mawɔ tiatia nyui.

    Anyo be malala be makpɔ ame si lɔ̃ Yehowa vevie.

    (HAXE)

    Gbɔ dzi ɖi be nàtia ’me si

    Asɔ na wò.

    Kpɔ nyuie be wò dzi nagable wò o.

    Bia be: “Ame sia sɔ nama?”

    Nɔvinye, ne ègbɔ dzi ɖi la,

    Àtia nyuitɔ.

    Àtia nyuitɔ.