Kpɔ Mɔ Na Agbe Vavãa
Wɔ Eƒe Kɔpi:
1. Xexe vɔ̃ɖi sia di be
Nàdze wò dzi ko yome,
Adi bubu kple gãnyenye.
(DOMEHAXE)
Ke Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be míato vovo na xexea,
Ne míakpɔ mɔ na xexe yeyea.
(HAXE)
Kpɔ ŋgɔ tẽe; ʋli sesiẽ.
Yehowa li kpli wò ɖaa; alé wò ɖe te.
Do gbe ɖa gbe sia gbe.
Ne nɔnɔmea sesẽ hã, ’gabu mɔkpɔkpɔ’o.
Do dzi ko; kpɔ mɔ na agbe vavã la.
2. Xexe sia me ŋkɔxɔxɔ,
Gakpɔkpɔ yome nɔnɔ,
Katã nye tofloko sɔŋ.
(DOMEHAXE)
Ta Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be míadi Fiaɖuƒe la gbã,
Ne míakpɔ mɔ na agbe vavãa.
(HAXE)
Kpɔ ŋgɔ tẽe; ʋli sesiẽ.
Yehowa li kpli wò ɖaa; alé wò ɖe te.
Do gbe ɖa gbe sia gbe.
Ne nɔnɔmea sesẽ hã, ’gabu mɔkpɔkpɔ’o.
Do dzi ko; kpɔ mɔ na agbe vavã la.
(HAXE)
Kpɔ ŋgɔ tẽe; ʋli sesiẽ.
Yehowa li kpli wò ɖaa; alé wò ɖe te.
Do gbe ɖa gbe sia gbe.
Ne nɔnɔmea sesẽ hã, ’gabu mɔkpɔkpɔ’o.
Do dzi ko; kpɔ mɔ na agbe vavã la.