Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Dzi Ðe Ƒo Sesĩe

Lé Dzi Ðe Ƒo Sesĩe

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1.Tso fɔŋli ke

    Ye wòfɔna,

    Doa gbe ɖa ɖe viawo

    Kple nɔviawo ta

    Tso dzi me ke be:

    “Fofo, do ŋusẽ mí dzro.”

    Ne nɔnɔmea sesẽ hã,

    Mebua mɔkpɔkpɔ gbeɖe o.

    Eyia ’dzi nyoa dɔme,

    ’Ye ha sia nɔa susu me nɛ be:

    (HAXE)

    ‘Mana nàsẽ ŋu.

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.

    Malé be na wò.

    Mado ŋusẽ wò.’

    Lé dzi ɖe ƒo sesĩe.

    Eƒe ha vevie ’ma:

    “Oo, ana nàli ke,

    Ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.”

    (DOMETSOHA)

    Ewɔa dɔ sesĩe be

    Yeakpɔ ƒomea dzi.

    Menya nu si ava dzɔ’o.

    Gake mevɔ̃ o.

    Enya be ye xɔlɔ̃

    Vavã’o magblẽ ye ɖi kpɔ’o.

  2. 2.Adzo yi dzi

    Abe hɔ̃’ene;

    Ŋusẽ aɖo eŋu.

    Ƒomegbaa katã

    Tsi eya ɖeka dzi.

    Togbɔ be nu tea eŋu hã,

    Edoa gbe ɖa le dzi me

    Eye wòwɔa etɔ sinua.

    Eɖoa ŋku eƒe ha

    Vevia dzi eye dzi ɖoa eƒo:

    (HAXE)

    ‘Mana nàsẽ ŋu.

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.

    Malé be na wò.

    Mado ŋusẽ wò.’

    Lé dzi ɖe ƒo sesĩe.

    Eƒe ha vevie ’ma:

    “Oo, ana nàli ke,

    Ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.”

    “Oo, ana nàli ke,

    Ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.”