Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Va Kpɔe Ða

Va Kpɔe Ða

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mekpɔe le nye susu me ɖaa;

    Ŋutifafa, lɔlɔ̃ xɔ’aƒe ɖi.

    Va míayi

    Nàkpɔe ɖa.

    Va kpɔe ɖa.

  2. 2. Xexe yeye la ava godoo.

    Mía Mawu la mekaa ’ʋatso o;

    Míeka ɖe ’dzi.

    Va míayi

    Nàkpɔe ɖa.

    (HAXE)

    Oo, va kpɔ—

    Dzidzɔkpɔkpɔ sɔŋ; nukoko sɔŋ!

    Oo, kpɔ ɖa!

    Nu nyui siawo katãe míe’ mɔ kpɔm na.

  3. 3. ’Me si’o dɔ alɔ̃ tsã le ku me;

    Wofɔ azɔ, míekpɔa wo gbe sia gbe.

    Va míayi

    Nàkpɔe ɖa.

    Va kpɔe ɖa.

  4. 4. Vevesesewo katã nu yi.

    Aɖatsiwo bú; dzidzɔ sɔŋ koe li.

    Va míayi

    Nàkpɔe ɖa.

    Va kpɔe ɖa.

    (HAXE)

    Oo, kpɔ ɖa!

    Dzidzɔkpɔkpɔ sɔŋ xɔ xexea taŋ.

    Oo, kpɔ ɖa!

    Nu nyui siawo katãe míe’ mɔ kpɔm na.

  5. 5. Yehowa ƒe nya na mɔkpɔkpɔm.

    Le xɔse me manɔ ’sinu kpɔm.

    (DOMETSOHA)

    Nu nyui’o sɔŋ

    Ma’u dzra ɖo.

    Míele mɔ kpɔm

    Na ’ƒe yayra mavɔwo.

    ’Ya ta—

  6. 6. Kpɔe le wò susu me ɖaa;

    Ŋutifafa, lɔlɔ̃ xɔ’aƒe ɖi.

    Va míayi

    Nàkpɔe ɖa.

    Va kpɔe ɖa.