Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Seawo Dzi Mawɔ

Wò Seawo Dzi Mawɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nu kae mawɔ? Fi kae matrɔ ɖo?

    Ðe wòle be mayi teƒe si wokpem na?

    Menye nu gbegblẽ wònye nenema gbegbe’o.

    Oo, nyametsotso kae mawɔ? Afɔ kae maɖe?

    Nu kae mawɔ? Tiatia kae mawɔ?

    Afɔkuwo ate ŋu anɔ eme nam.

    Ate ŋu akplɔm de tetekpɔ me bɔbɔe.

    Oo, nyametsotso kae mawɔ? Yehowa, kpe ɖe ŋunye dzro.

    (HAXE)

    Wò seawo dzi mawɔ, melɔ̃ wo vevie ŋ’tɔ;

    Mad’asixɔxɔ wo ŋu nye’agbe me katã.

    Kpe ɖe ŋunye mase nu si’o mesrɔ̃ le Biblia me la gɔme.

  2. 2. Wò sewo dzi mawɔ. Wò lɔlɔ̃nu mawɔ.

    Nyemedi be madze amegbetɔ ŋu o;

    Ke wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie nam wu.

    Nyametsotso si mawɔ la me kɔ nam nyuie azɔ

    (HAXE)

    Wò seawo dzi mawɔ, melɔ̃ wo vevie ŋ’tɔ;

    Wonana dzi ɖoa ƒonye be mawɔ nu nyui.

    Kpe ɖe ŋunye mase nu si’o mesrɔ̃ le Biblia me la gɔme.

    (HAXE)

    Wò seawo dzi mawɔ, melɔ̃ wo vevie ŋ’tɔ;

    Wonana dzi ɖoa ƒonye be mawɔ nu nyui.

    Mexlẽa wò Nya la gbe sia gbe be wòafia mɔm.

    Èle nye axadzi ɖaa be yeado ŋusẽm.

    Kpe ɖe ŋunye mase nu si’o mesrɔ̃ le Biblia me la gɔme.