Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 111

Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

(Mateo 5:12)

  1. 1. Míaƒe dzidzɔtsoƒewo sɔ gbɔ,

    Kesinɔnu mavɔ wonye.

    Dukɔwo ƒe nu vevitɔwo

    Le Mawu ƒe aƒea me vam.

    Míaƒe dzidzɔ la li ke sesĩe,

    Mawu ƒe Nya dzie míetui ɖo.

    Míesrɔ̃a nu tso eme gbe sia gbe,

    Míexɔa nu si’o míesrɔ̃ dzi se.

    Dzidzɔ sia xɔ míaƒe dziwo me,

    Le bibim abe dzo ene.

    Ne xaxawo va mía dzi hã la,

    Ma’u doa ŋusẽ mí míedoa dzi.

    (HAXE)

    Yehowae nye míaƒe dzidzɔ.

    Eƒe dɔwo léa dzi na mí.

    Eƒe susu’o kɔ, eƒe dɔ klitsu.

    Nyuiwɔwɔ, ŋusẽ, bɔ ɖe ’si.

  2. 2. Mawu ƒe nuwɔwɔwo nya kpɔ:

    Dziƒo, atsiaƒu, anyigba.

    Ne míekpɔ ’ƒe nuwɔwɔwo la,

    Míekafunɛ nu siawo ta.

    ’Ya ta mina míagblɔ eŋu nya;

    Míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe la.

    Míakaka eɖoɖo anyi kple

    Eƒe yayrawo ŋu nya nyuia,

    Be dzidzɔ mavɔwo tu aƒe

    Abe agudzedze ene.

    ’Nyigba yeyea kple dziƒo yeyea

    Ahe yayra mavɔwo vɛ.

    (HAXE)

    Yehowae nye míaƒe dzidzɔ.

    Eƒe dɔwo léa dzi na mí.

    Eƒe susu’o kɔ, eƒe dɔ klitsu.

    Nyuiwɔwɔ, ŋusẽ, bɔ ɖe ’si.