Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 116

Dɔmenyonyo Ƒe Ŋusẽ

Dɔmenyonyo Ƒe Ŋusẽ

(Efesotɔwo 4:32)

  1. 1. Mawu, míekafu wò tso dzi me ke

    Wò nɔnɔme nyui’o ta.

    Togbɔ be ŋusẽ le asiwò hã,

    Mawu dɔmenyotɔ nènye.

  2. 2. Yesu Kristo hã lɔ̃ dɔmenyonyo

    Abe wò ke ene.

    Ekpe ame si’o dzi nu te ɖo be

    Woava ne yeana gbɔdzɔe wo.

  3. 3. Mina míawo hã míasrɔ̃ Yehowa

    Kple Via Yesu Kristo.

    Míaɖe dɔmenyo vavãtɔ afia

    Be míado ŋusẽ mía nɔewo.