Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 146

Mawu Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

Mawu Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

(Nyaɖeɖefia 21:1-5)

  1. 1. “Dzesiwo” fia be ɣeyiɣi la ɖo vɔ;

    Mawu ƒe Vi la le fia ɖum azɔ!

    Enya Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo;

    Madidi o Ma’u ana woatsrɔ̃ wo.

    (HAXE)

    Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ!

    Eya ŋutɔ anɔ mía gbɔ.

    Vevesesewo kple ɣlidodowo,

    Konyifafa kple ku nu hã ayi;

    Ma’u be: “Mele nu’o katã wɔm yeyee.”

    Nya siawo nye nyateƒe.

  2. 2. Amewo nakpɔ Yerusalem Yeyea,

    Alẽvia ƒe ŋugbetɔa le dzo dam.

    Wowɔ leke nɛ kple kpe xɔasiwo;

    Eƒe kekeli nye Yehowa ko.

    (HAXE)

    Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ!

    Eya ŋutɔ anɔ mía gbɔ.

    Vevesesewo kple ɣlidodowo,

    Konyifafa kple ku nu hã ayi;

    Ma’u be: “Mele nu’o katã wɔm yeyee.”

    Nya siawo nye nyateƒe.

  3. 3. Du nyui sia nye dzidzɔ na ’mewo katã;

    Woaʋu eƒ’agbowo keli kple zã.

    Dukɔ’o azɔ eƒe kekelia me.

    Mí Ðasefowo, míawo hã míaklẽ.

    (HAXE)

    Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ!

    Eya ŋutɔ anɔ mía gbɔ.

    Vevesesewo kple ɣlidodowo,

    Konyifafa kple ku nu hã ayi;

    Ma’u be: “Mele nu’o katã wɔm yeyee.”

    Nya siawo nye nyateƒe.