Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 149

Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha

Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha

(2 Mose 15:1)

  1. 1. Kafu Yehowa ’Labe

    eƒe ŋkɔ gã la de dzi.

    Etsrɔ̃ Egiptetɔ’o

    Le atsiaƒu gã la me.

    Kafu Yehowa; Mawu aɖeke mesɔ kplii o.

    Yehowae nye ’ƒe ŋkɔ; Eɖu ’ƒe futɔwo dzi.

    (HAXE)

    Yehowa, wòe nye Dziƒoʋĩtɔ,

    Tso gb’aɖe gbe ʋĩi ke la mètrɔ o.

    Àna wò futɔ’o nadze anyi kpuie

    Be nàkɔ wò ŋkɔ kɔkɔea ŋu.

  2. 2. Kpɔ dukɔwo ɖa!

    Wotso ɖe Yehowa Mawu ŋu.

    Wosesẽ wu Farao,

    Ke woaɖu ŋukpe godoo.

    Tsɔtsrɔ̃e wo lalam;

    Wo nu ayi Armagedon me.

    Me sia ’me anyae kpuie Be Ma’u ŋkɔe nye Yehowa.

    (HAXE)

    Yehowa, wòe nye Dziƒoʋĩtɔ,

    Tso gb’aɖe gbe ʋĩi ke la mètrɔ o.

    Àna wò futɔ’o nadze anyi kpuie

    Be nàkɔ wò ŋkɔ kɔkɔea ŋu.