Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 28

Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

(Psalmo 15)

  1. 1. Oo Yehowa, ’me kae

    Anye xɔ̃wò mahã?

    ’Me kae adze wò agbadɔ me,

    Si anya wò nyuie hã?

    ’Me si’o srɔ̃a wò Nya la,

    Si’o xɔa dziwò sena.

    ’Me si’o katã wɔa nuteƒe ɖaa,

    Si’o lɔ̃a nyateƒe la.

  2. 2. Oo Yehowa, ’me kae

    Anɔ gbɔwò mahã?

    ’Me ka ƒe nue adze ŋuwò ɖaa,

    Si ŋkɔ nànya nyuie hã?

    ’Me si’o doa wò ɖe dzi,

    ’Ye wowɔa wò gbe dzi.

    ’Me si’o tsoa dzi me ɖia nukware,

    ’Ye wotoa nyateƒe.

  3. 3. Oo Yehowa, wò koe

    Nye mía Xɔlɔ̃ gãtɔ.

    Míate ɖe ŋuwò xaxaɣiwo,

    Ado gbe ɖa na wò.

    Ma’u, wòe léa be na mí,

    Kpɔa mía ta gbe sia gbe.

    Wòe nye Xɔlɔ̃ vavã si lɔ̃a mí,

    Míanɔ gbɔwò tegbee.