Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 31

Oo, Zɔ Kple Mawu!

Oo, Zɔ Kple Mawu!

(Mika 6:8)

  1. 1. Oo, zɔ kple Yehowa Mawu

    Le ɖokuibɔbɔ gã me.

    Wɔ nuteƒe nɛ, nàɖo ŋu ɖe ’ŋu,

    ’Kema ado ŋusẽ wò.

    Lé eƒe Nya me ɖ’asi sesĩe

    Be nàgatra mɔ o.

    Ɛ̃, na Mawu nafia mɔ wò

    Be nàwɔ nuteƒe ɖaa.

  2. 2. Oo, zɔ kple Yehowa Mawu

    Le dzadzɛnyenye nyui me.

    Ne tetekpɔwo va dziwò hã la,

    Mawu ado ŋusẽ wò.

    Nu si’o nye nyateƒe, le dzadzɛ,

    Nu siawo ŋu nàbu,

    Be Mawu nàlé wò ɖe te

    Agbedu la nu nàwu.

  3. 3. Oo, zɔ kple Yehowa Mawu

    Le dzidzɔ vavãtɔ me.

    Da akpe nɛ ɖe eƒe yayrawo

    Kple nunana nyuiawo ta.

    Oo, zɔ kple Mawu nàdzi ha nɛ;

    Kpɔ dzidzɔ gbe sia gbe!

    Ɛ̃, na ’me sia ’me nakpɔe be

    Yehowa xɔlɔ̃e nènye.