Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 77

Kekeli Aɖe Klẽ Le Xexe Doblukɔ Me

Kekeli Aɖe Klẽ Le Xexe Doblukɔ Me

(2 Korintotɔwo 4:6)

  1. 1. Le xexe do blukɔ sia me,

    Kekeli aɖe klẽ.

    Yehowa gbɔe kekelia tso

    Le keklẽm na ’mewo.

    (HAXE)

    Míaƒe gbedeasi la

    Nye kekeli gã aɖe

    Si naa mɔkpɔkpɔ mí;

    Efaa ’kɔ na ’mewo

    Be woado le xexea ƒe

    Viviti me.

  2. 2. Amewo le viviti me,

    Mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo.

    Míadi wo, be míafia nu wo,

    ’Labe nuwuwua ɖo.

    (HAXE)

    Míaƒe gbedeasi la

    Nye kekeli gã aɖe

    Si naa mɔkpɔkpɔ mí;

    Efaa ’kɔ na ’mewo

    Be woado le xexea ƒe

    Viviti me.