Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HIOB 21-27

Hiob Ƒo Asa Na Susu Gbegblẽwo Bubu

Hiob Ƒo Asa Na Susu Gbegblẽwo Bubu

Satana zãa alakpanyawo tsɔ ɖea dzi le Yehowa subɔlawo ƒo egbea. De dzesi vovototo si le Satana ƒe alakpanyawo kple ale si tututu Yehowa sena le eɖokui me tso esubɔlawo ŋu si dze le Hiob ƒe agbalẽa me la dome. Ŋlɔ mawunyakpukpui bubu siwo ɖee fia be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò la ɖi.

ALAKPA SIWO SATANA DANA

ALE SI TUTUTU YEHOWA SENA LE EÐOKUI ME

Mawu biaa nu geɖe tsoa esubɔlawo si ale gbegbe be nu sia nu si wowɔna la medzea eŋu o. Nuwɔwɔ aɖeke mate ŋu adze eŋu o (Hio 4:18; 25:5)

Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu (Hio 36:5)

Viɖe aɖeke mele amegbetɔwo ŋu na Mawu o (Hio 22:2)

Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu eye wòyrana ɖe edzi (Hio 33:26; 36:11)

Mawu metsɔa ɖeke le eme ne ènye ame dzɔdzɔe o (Hio 22:3)

Yehowa meɖea ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o (Hio 36:7)