NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Amewo Kpekpe Na Nutome Gã Takpekpea
Ƒe sia ƒe la, míekpɔa mɔ vevie na gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míeɖuna le míaƒe nutome gã takpekpewo. Be ame bubuwo hã naɖɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kpɔ la, míakpe ame geɖe ale si nu míate ŋui be woade takpekpea kpli mí. (Ps 34:8) Hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe ŋutɔe adzro eme akpɔ ɖa be aleke woate ŋu ama amekpegbalẽviawo nyuie hã.
NYA VEVI AÐEWO
-
Ŋkeke ka dzie mayi takpekpea?
-
Ɣekaɣie míadze amekpekpedɔa gɔme le mía gbɔ?
-
Ɣeyiɣi kawoe míakpe hena gbeadziyiyi?
-
Taɖodzinu kawo gbɔe madi be maɖo le amekpekpedɔa me?
-
Ame kawoe madi be makpe?
NYA SI NÀGBLƆ
Ne èdo gbe na amea vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
“Míetsɔ amekpegbalẽvi sia le amewo kpem le xexea me godoo be woava wɔna vevi aɖe teƒe. Woŋlɔ ŋkekea, gamea kple teƒe si woawɔe le ɖe amekpegbalẽvi sia dzi. Adzɔ dzi na mí ŋutɔ ne èva.”
ALEKE MÍAKPE ÐE AME SIWO TSƆ ÐE LE EME LA ŊU?
Togbɔ be míadi be míakpe ame geɖe ale si nu míate ŋui hã la, ele be míanɔ ŋudzɔ be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le eme la ŋu.
Le kwasiɖanuwuwuwo la, àte ŋu ana magazinewo akpe ɖe amekpegbalẽvia ŋu.