Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HIOB 33-37

Xɔlɔ̃ Vavã Ðoa Aɖaŋu Si Tua Ame Ðo

Xɔlɔ̃ Vavã Ðoa Aɖaŋu Si Tua Ame Ðo

Esi Elihu de nu dzeɖoɖoa me la, nya siwo wògblɔ kple ale si wòwɔ nu ɖe Hiob ŋu la to vovo kura tso Elifaz, Bildad kple Zofar tɔwo gbɔ. Eɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã kple aɖaŋuɖola bibi si ƒe kpɔɖeŋu wòle be míasrɔ̃.

NƆNƆME SI NƆA AÐAŊUÐOLA BIBI SI

ELIHU ÐO KPƆÐEŊU NYUI ÐI

32:4-7, 11, 12; 33:1

 

  • EGBƆA DZI ÐI

  • EÐOA TO

  • EDEA BUBU AME ŊU

 
  • Elihu lala dzigbɔɖitɔe be ame tsitsiawo naƒo nu awu nu hafi yeaƒo nu

  • Esi wòɖo to nyuie ta la, ese nu si le dzɔdzɔm gɔme nyuie hafi wòɖo aɖaŋu

  • Ezã Hiob ŋkɔ eye wòƒo nu nɛ abe xɔlɔ̃ ene

 

33:6, 7, 32

 

  • EBƆBƆA EÐOKUI

  • ENYEA AME SI ŊU WOTENA ÐO

  • ESEA VEVE ÐE AME NU

 
  • Elihu bɔbɔ eɖokui, egbɔ dzi ɖi eye wòlɔ̃ ɖe edzi be yemede blibo

  • Ese veve ɖe Hiob nu

 

33:24, 25; 35:2, 5

 

  • EDANA SƆNA

  • ENYOA DƆME

  • EVƆ̃A MAWU

 
  • Elihu ɖee fia Hiob ɖokuibɔbɔtɔe be eƒe nuŋububu mesɔ o

  • Elihu kpe ɖe Hiob ŋu wòkpɔe be menye eya ƒe dzɔdzɔenyenye ye nye nu vevitɔ o

  • Aɖaŋu nyui siwo Elihu ɖo la dzra Hiob ɖo ɖe nufiame bubu siwo wòxɔ tso Yehowa ŋutɔ gbɔ ŋu